Mose II 5
5
Mose kple Aron le Egipte-fia ŋkume
1Emegbe Mose kple Aron woyi Egipte Fiagã la gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, Israel Mawu be: “Ɖe asi le nye dukɔ ŋu ne woaɖaɖu ŋkekenyui nam le gbedadaƒo.” 2Ke Egipte Fiagã la ɖo eŋu be: “Ame kae nye Aƒetɔ ta maɖo toe, aɖe asi le Israelviwo ŋu woayi? Nyemenya Aƒetɔ la o, eye nyemaɖe asi le Israelviwo ŋu woayi o.” 3Mose kple Aron gagblɔ nɛ be: “Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí. Ɖe mɔ na mí ne míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedadaƒo aɖasa vɔ na Aƒetɔ, mía Mawu la, ne menye nenema o la, adze mía dzi kple dɔ vɔ̃ loo, alo awu mí kple yi.” 4Ke Egipte-fia la ɖo eŋu na wo be: “Mose kple Aron, nu ka ŋuti miele didim be yewoana Israelviwo nagblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi adzo? Mitrɔ yi miaƒe dɔ sesẽ la wɔwɔ dzi.” 5Egipte Fiagã la gblɔ be: “Azɔ esi ameawo sɔ gbɔ ɖe edzi le anyigbaa dzi ale hafi miebe woadzudzɔ woƒe dɔ sesẽa wɔwɔa?” 6Gbe ma gbe ke la, fia la de se na kluviwo dzikpɔlawo kple wo nunɔlawo be: 7“Tso azɔ heyi, migana gbe Israelviwo woade anyi me amè anyikpeawoe o. Woawo ŋutɔ naɖadi gbe amè anyikpe lae. 8Ke kpe ale sinu womèna tsã la ke koe wòle be woamè. Migaɖe le edzi kura o. Kuvia wɔm wole ta wole ɣli dzi be: ‘Na míayi aɖasa vɔ na mía Mawu.’ 9Mizi wo dzi eye mite wo ɖe anyi ne woagawɔ dɔ sesĩe, ekema womaɖo to alakpanya mawo o.”
10Tete kluviwo dzikpɔlaawo kple woƒe dɔnunɔlawo do yi ɖagblɔ na Israelviwo be: “Egipte Fiagã la be yemegale gbe na ge mi miatsɔ amè anyikpe la azɔ o. 11Miawo ŋutɔ miyi ɖadi gbe le afi sia afi si miakpɔe le la amèe. Ke kpe ale sinu miemèna tsã la ke koe miagamè. Womaɖe ɖeke le dzi o.” 12Ale Israel-dukɔ blibo la kaka ɖe Egipte-nyigba la katã dzi hele gbe dim. 13Ke kluviwo dzikpɔlaawo yɔa ʋu ɖe wo te gblɔna be: “Dɔa netsɔ! Gbe sia gbe ƒe dɔ si miewɔna tsã, esi wonaa gbe mi la kee wòle be miawɔ.” 14Ne anyikpeawo mede o la, Egipte Fiagã ƒe dɔdzikpɔlawo ƒoa Israelvi siwo nye dɔnunɔlawo eye wobiaa wo be: “Nu ka ta anyikpeawo mede xexlẽme xoxoa nu egbe o?”
15Azɔ Israelvi dɔnunɔlawo yi ɖafa konyi na Egipte Fiagã gblɔ be: “Nu ka ta nèle mí, wò dɔlawo wɔm ale? 16Womegale gbe na mí o, gake ɣe sia ɣi ko wole gbɔgblɔm nam mí be ‘Mimè anyikpe! Mimè anyikpe’ eye woƒoa mí gɔ̃, evɔ wò amewo gbɔ boŋue vodada la tso.” 17Ke fia la ɖo eŋu na wo be: “Kuviatɔwo! Alɔgblɔdɔwɔlawo mienye, eya ta miele biabiam be: ‘Ɖe mɔ na mí ne míayi aɖasa vɔ na Aƒetɔ.’ 18Midzo yi kaba miaɖawɔ dɔ! Womana gbe aɖeke mi o. Ke ele be miamè anyikpe xexlẽme si woɖo na mi la kokoko.” 19Esesẽ ŋutɔ na Israelvi dɔdzikpɔlawo be woaɖagblɔ na wo tɔwo be womekpɔ mɔ aɖe le anyikpe xexlẽme si woɖo na wo be woamè gbe sia gbe la dzi o. 20Esime wodzo le Egipte Fiagã la gbɔ la, wodo go Mose kple Aron siwo nɔ wo lalam. 21Wogblɔ na wo be: “Aƒetɔ nelé ŋku ɖe mia ŋu ne wòadrɔ̃ ʋɔnu kpli mi, elabe miena Egipte Fiagã la kple eŋumewo lé fu mí vevie. Miede yi asi na wo be woawu mí.”
22Tete Mose gatrɔ ɖe Aƒetɔ ŋu eye wò gblɔ be: “Aƒetɔ, nu ka ta nèhe vɔ̃ va dukɔ sia dzi? Nu ka koŋ ta nèdɔm ɖa ya? 23Elabe tso esime meva Egipte Fiagã la gbɔ va ƒo nu le wò ŋkɔ me la, ɖeko wògale ŋuta sẽm le wò dukɔ la ŋu wu. Ke wò la, mèɖe wò dukɔ la kura o.”
Currently Selected:
Mose II 5: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.