Mose II 4
4
Mawu na ŋusẽ wɔnuku Mose
1Tete Mose ɖo eŋu be: “Ke ne womexɔ dzinye se o, alo womese nye gbe hã o, ke wogblɔ be: ‘Aƒetɔ meɖe eɖokui fia wò fɔ̃e o ɖe.’ ”
2Aƒetɔ biae be: “Nu kae nye ema le asiwò?” Eɖo eŋu be: “Atizɔti ye.” 3Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Dae ɖe anyigba.” Edae ɖe anyigba eye atia trɔ zu da. Mose sí le enu. 4Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Do asi ɖa nàlé eƒe asikɛ.” Mose do asi ɖa lée. Tete daa gazu atizɔti ɖe esi. 5Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Wɔ nu sia ekema Israelviwo axɔe se be nye Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu: Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la, meɖe ɖokuinye fia wò vavã.”
6Aƒetɔ gagblɔ nɛ be: “Ƒo asi ɖe wò awu ƒe akɔta.” Eƒoe ɖee. Esi wohee ɖe go la, dɔ ƒo ɖe asia ŋu wòfu kpii abe tsikpe ene. 7Tete Mawu be: “Gaƒo asi ɖe awua me.” Egaƒoe ɖee, eye esi wògaɖee la, asia ŋu gakɔ keŋkeŋ abe ale si wònɔ tsã ene. 8Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Ne womexɔ wò dzi se o, eye womebu dzesi gbãtɔa o la, woaxɔ evelia ya dzi ase. 9Ne womexɔ dzesi eveawo dzi se o, eye womexɔ wò hã dzi se o la, ekema ku tsi le Nil-tɔsisia me nàkɔ ɖe anyigba ƒuƒui; tsia atrɔ zu ʋu ɖe anyigba.”
10Gake Mose gagblɔ na Aƒetɔ be: “Taflatsɛ, nye Aƒetɔ, nu menya ƒona nam o; menye egbe o, menye etsɔ o, eye menye tso esime nèdze nuƒoƒo gɔme nam hã o. Nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu o.”
11Tete Aƒetɔ biae be: “Ame kae wɔ nu na ame? Ame kae nana be ame ƒe to kuna alo ame ƒe aɖe tuna? Ame kae nana be ame kpɔa nu alo nyea ŋkuagbãtɔ? Ɖe menye nye, Aƒetɔ ye oa? 12Eya ta heyi ko; makpe ɖe ŋuwò nàƒo nu eye mafia nya si nàgblɔ la wò.” 13Tete Mose gabe: “Gake, ao, nye Aƒetɔ, meɖe kuku, di ame bubu nàdɔ.” 14Aƒetɔ do dziku ɖe eŋu azɔ, eye wògblɔ be: “Nɔviwò Aron Levitɔ la meli oa? Menya be eƒoa nu nyuie. Egbɔna gɔ̃ be yeava kpe wò. Ne eva ke ɖe ŋuwò la, dzi adzɔe ŋutɔ. 15Ƒo nu kplii ne nàtsɔ nya de enu. Nye la, makpe ɖe mia ŋu miaƒo nu nyuie, eye mafia nu si miawɔ la mi. 16Eya naƒo nu kple dukɔ la ɖe nuwò. Anye wò nu, eye wò la, nànɔ Mawu teƒe nɛ. 17Nàlé atizɔti sia ɖe asi elabe eyae nèle tsɔtsɔ ge awɔ dzesiawoe.”
Mose trɔ yi Egipte
18Tete Mose trɔ gbɔ va toa Yetro gbɔ va gblɔ nɛ be: “Taflatsɛ, ɖe mɔ nam ne matrɔ yi nɔvinyewo gbɔ le Egipte aɖakpɔ ɖa be wogale agbe mahã.” Yetro ɖo eŋu be: “Heyi le ŋutifafa me.” 19Aƒetɔ gblɔ na Mose le Midian be: “Gbugbɔ yi Egipte, elabe ame siwo katã nɔ didim be yewoawu wò la ku.” 20Mose kɔ srɔ̃a kple via ŋutsuwo#4.20: Le 2.22 me la, viŋutsu ɖekae le Mose si. Le 4.20 me la, “viŋutsuwoe” le esi. Le 4.25 me la, viŋutsu ɖekae le Mose si. Le 18.2 me la, viŋutsu evee le esi. Mose viŋutsuwo ƒe xexlẽme mele nyanya tututu o. ɖo tedzi dzi, eye wòtrɔ yi Egipte. Etsɔ Mawu ƒe atizɔti la ɖe asi.
21Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ne èɖo Egipte la, ɖo ŋku edzi nàwɔ nukunu siwo katã metsɔ de asi na wò la le Egipte Fiagã la ŋkume. Mana eƒe dzime nasẽ ale be maɖe asi le dukɔ la ŋu woadzo o. 22Ekema nàgblɔ na Egipte Fiagã la be: ‘Ale Aƒetɔ gblɔ nye esi: Israel la vinye ŋutsu ye; nye ŋgɔgbevi wònye. 23#Mos II, 12.29.Megblɔ na wò be: ‘Ɖe asi le vinye ŋu ne woaɖasubɔm.’ Gake ègbe mèɖe mɔnɛ o; eya ta mawu wò ŋgɔgbeviŋutsu.’ ”
24Esi wole mɔa dzi va ɖo dzeƒe aɖe la, Aƒetɔ va, eye wòdi be yeawu Mose. 25Tete Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛ lã via ŋutsu ƒe aʋanuyi. Etsɔ aʋanuyi la tɔ eƒe afɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Ʋusrɔ̃ nènye nam baa!” 26Tete Aƒetɔ megawɔ nu vevi Mose o. Le aʋatsotso la ta, Zipora da ŋkɔ ɖe srɔ̃a dzi be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃.”
27Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Aron be: “Yi gbedzi nàɖakpe Mose.” Aron yi eye wòɖakpe Mose le Mawu ƒe to la gbɔ. Egbugbɔ nu nɛ, 28eye Mose gblɔ dɔ si gbe Aƒetɔ dɔe ɖo, nya siwo katã wòto nɛ kple dzesi siwo keŋ wòna ŋusẽe be wòawɔ la na Aron. 29Tete Mose kple Aron woyi Egipte, eye woyɔ Israelviwo ƒe ame tsitsiwo katã ƒo ƒu. 30Aron gblɔ nya siwo katã Aƒetɔ gblɔ na Mose la na wo, eye Mose wɔ dzesiawo hã wokpɔ.#4.30: Gɔmeɖeɖe aɖewo be menye Mose ye wɔ nukunuawo o, ke boŋ Aron ye wɔ wo. 31Ameawo xɔ Mose kple Aron dzi se, eye esi wose be Aƒetɔ va Israelviwo gbɔ, eye wòkpɔ ale si Egiptetɔwo le fu wɔm wo la, wode ta agu hesubɔe.
Currently Selected:
Mose II 4: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.