1
Mose II 4:11-12
EƲEGBE BIBLIA
Tete Aƒetɔ biae be: “Ame kae wɔ nu na ame? Ame kae nana be ame ƒe to kuna alo ame ƒe aɖe tuna? Ame kae nana be ame kpɔa nu alo nyea ŋkuagbãtɔ? Ɖe menye nye, Aƒetɔ ye oa? Eya ta heyi ko; makpe ɖe ŋuwò nàƒo nu eye mafia nya si nàgblɔ la wò.”
Compare
Explore Mose II 4:11-12
2
Mose II 4:10
Gake Mose gagblɔ na Aƒetɔ be: “Taflatsɛ, nye Aƒetɔ, nu menya ƒona nam o; menye egbe o, menye etsɔ o, eye menye tso esime nèdze nuƒoƒo gɔme nam hã o. Nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu o.”
Explore Mose II 4:10
3
Mose II 4:14
Aƒetɔ do dziku ɖe eŋu azɔ, eye wògblɔ be: “Nɔviwò Aron Levitɔ la meli oa? Menya be eƒoa nu nyuie. Egbɔna gɔ̃ be yeava kpe wò. Ne eva ke ɖe ŋuwò la, dzi adzɔe ŋutɔ.
Explore Mose II 4:14
Home
Bible
Plans
Videos