Mose II 11
11
Mose na nyanya le fukpekpe ewolia ŋuti
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Esusɔ fukpekpe ɖeka mahe va Egipte Fiagã la kple Egipte dzi. Emegbe la, Fiagã la aɖe mɔ na mi miadzo le afi sia. Ke menye asi ko wòaɖe le mia ŋu o; mia nyà ge wòala miadzo le afi sia. 2Gblɔ na dukɔ la be ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu nebia klosalo kple sika nuwo le eƒe aƒelika Egiptetɔ gbɔ.” 3Aƒetɔ na Egiptetɔwo ve Israelviwo nu, eye Mose ŋutɔ hã nye bubume gã le Egipte Fiagã la ŋumewo kple dukɔ la ŋkume.
4Mose gblɔ na Egipte Fiagã la be: “Aƒetɔ be: ‘Le zã titina la, mele Egipte-nyigba me to ge ava yi. 5Ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe le anyigba la dzi aku; tso Egipte Fiagã la vi gbãtɔ si ava zi dzi ɖe tɔ́a yome dzi va se ɖe kosi si le teƒo la ƒe ŋgɔgbevi dzi. Nenema ke lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã hã aku. 6Aviɣli aɖi le Egipte-nyigba blibo la dzi. Ɣli sia tɔgbe meɖi kpɔ o, eye magaɖi akpɔ hã o. 7Ke le Israelviwo gbɔ la, ame o alo lã o, avu gɔ̃ hã mate gbe ɖe wo ŋu o. To esia me miadze sii be Aƒetɔ dea vovototo Egiptetɔwo kple Israelviwo dome. 8Ekema ŋuwòme siawo katã ava gbɔnye, ade ta agu nam, agblɔ be: ‘Wò ŋutɔ kple wò ameawo katã midzo yi!’ Emegbe madzo.” Mose dzo le Egipte Fiagã la ŋkume kple dziku gã ŋutɔ. 9Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Egipte Fiagã la gale to sẽ ge kokoko, ale be to ema me la, magawɔ nukunu geɖe wu le Egipte.”
10Mose kple Aron wɔ nukunu siawo katã le Egipte Fiagã ŋkume. Ke Aƒetɔ na fiagã la ƒe dzime gasẽ ale be wògbe meɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo le eƒe anyigba dzi o.
Currently Selected:
Mose II 11: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.