YouVersion Logo
Search Icon

Mose II 10

10
Fukpekpe enyilia: Ʋetsuviwo
1Eyome Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Yi Egipte Fiagã la gbɔ. Nyee na eya ŋutɔ kple eŋumewo ƒe dzime sẽ, bene mawɔ dzesi siawo le Egipte-dukɔ la me. 2To esia me nàva xlẽ nu siwo mewɔ Egiptetɔwo le woƒe anyigba dzi la afia viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, eye mi katã mianyae be nyee nye Aƒetɔ.”
3Ale Mose kple Aron yi Egipte Fiagã la gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la be: ‘Ɣe ka ɣi nàgbe ɖokuiwò bɔbɔ ɖi nam aɖase ɖo? Ɖe mɔ na nye dukɔ la ne woayi aɖasubɔm. 4Ne ègagbe la, mahe ʋetsuviwo ava wò anyigba dzi etsɔ. 5Woanyè tsyɔ anyigba blibo la katã dzi ale gbegbe be anyigba magadze ame nakpɔ o. Woaɖu nu si susɔ si kpetsia megblẽ o la, eye woaɖu ati siwo gato gbɔna la hã keŋkeŋ. 6Woage ɖe wò xɔwo me, atra ɖe ŋuwòmewo kple Egiptetɔwo katã ƒe xɔwo me, ayɔ wo taŋtaŋ. Tso esime tɔ́wòwo kple tɔgbuiwòwo va anyigba sia dzi va se ɖe egbe kpa, womekpɔ esia tɔgbe kpɔ o.’ ” Tete wotrɔ dzo le Egipte Fiagã la gbɔ.
7Egipte Fiagã la ŋumewo gblɔ nɛ be: “Va se ɖe ɣe ka ɣi koŋ ame sia anye mɔ̀ anɔ mía ɖem? Esi Egipte-dukɔ la gbã vɔ alea ɖe, mèkpɔe haɖe oa? Ɖe asi le wo ŋu bene woayi aɖasubɔ Aƒetɔ, woƒe Mawu la. Wò ŋutɔ kpɔ ale si Egipte dome gblẽ vɔ keŋkeŋ lae ɖa!”
8Tete wogayɔ Mose kple Aron va Egipte Fiagã la gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Miyi ɖasubɔ Aƒetɔ, mia Mawu la. Evɔ ɖe, ame ka kple ame kawoe le yiyim?”
9Mose ɖo eŋu be: “Mí katã tim ye le yiyi ge: ɖeviwo, ame tsitsiwo, mía viŋutsuwo, mia vinyɔnuwo, míaƒe alẽwo, gbɔ̃wo kple nyiwo, elabe ele na mí be míayi ɖaɖu ŋkekenyui na Aƒetɔ.”
10Fiaa xɔ edzi be: “Aƒetɔ aɖi na mi baa! Nye, mana mi kple mia viwo miadzo ayi? Nyateƒe, mieɖo vɔ̃ ɖe tame. 11Kpao! Mia kple ŋutsuawo ɖeɖe miyi ɖasubɔ Aƒetɔ elabe eya miedi.” Tete wonyà wo dzoe le Egipte Fiagã la ŋkume.
12Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Do asi ɖe Egipte-nyigba la dzi, ne ʋetsuviwo nava. Woava ɖu nu miemie siwo katã kpetsi la megblẽ o la. 13Mose do eƒe atizɔti la ɖe Egipte-nyigba la dzi, eye Aƒetɔ na ya ƒo tso ɣedzeƒe va anyigba la dzi ŋkeke blibo kple zã blibo. Kaka ŋu nake la, ya la lɔ ʋetsuviwo va kɔ ɖi. 14#Nyaɖ 9.2, 3.Ʋetsuviawo va le hatsotso gã gãwo me, eye wotsyɔ anyigba la dzi taŋtaŋ. Ʋetsuviwo ƒe agbɔsɔsɔ sia ƒomevi meva kpɔ gbeɖe o, eye magava akpɔ hã o. 15Wonyè tsyɔ anyigba la katã dzi ale gbegbe be afi sia afi biã hẽe. Woɖu nu miemíe kple kutsetse siwo katã kpetsi la tso ɖi la, ale be aŋgba kple gbe mumu aɖeke megasusɔ ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi o.
16Tete Egipte Fiagã la na woyɔ Mose kple Aron vɛ kaba, eye wògblɔ na wo be: “Meda vo ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu, eye meda vo ɖe miawo hã mia ŋu. 17Eya ta, meɖe kuku na mi, mitsɔ nye vodada la kem fifia hã, eye miɖe kuku na Aƒetɔ, mia Mawu la, be wòaɖe ku sia ɖa le dzinye.” 18Ale Mose dzo le Egipte Fiagã la gbɔ, eye wòyi ɖaƒo koko na Aƒetɔ. 19Aƒetɔ na ya sesẽ aɖe tso ɣetoɖoƒe lɔ ʋetsuviawo ɖe nu yi ɖakɔ ɖe Aƒlaƒu la me. Ɖeka pɛ gɔ̃ ha metsi Egipte-nyigba la ƒe afi aɖeke o. 20Ke Aƒetɔ na Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ ale be wògbe meɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo o.
Fukpekpe asiekelia: Viviti tsiɖitsiɖi do ɖe Egipte-nyigba dzi
21 # Nya 17.1-21. Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Do asi ɖe dziƒo ne viviti tsiɖitsiɖi si anyɔ abe ɖe woate ŋu ali asi eŋu ene la nado ɖe Egipte-nyigba dzi.” 22#Ps 105.28; Nyaɖ 16.10. Mose do asi ɖe dzi. Tete viviti tsiɖitsiɖi do ɖe anyigba blibo la dzi. Edo nenema ŋkeke etɔ̃. 23Ame aɖeke megatea ŋu kpɔa ehavi o, eye ame aɖeke megatea ŋu dona le enɔƒe hã o. Ke Israelviwo gbɔ ya la, kekeli nɔe.
24Egipte Fiagã la yɔ Mose vɛ, eye wògblɔ nɛ be: “Miheyi ɖasubɔ Aƒetɔ la. Miate ŋu akplɔ mia viwo hã ɖe asi faa; ke migblẽ miaƒe alẽwo, gbɔ̃wo kple nyiwo ya ɖi.” 25Mose ɖo eŋu nɛ be: “Ele be nàɖe asi le lã siwo míatsɔ asa vɔe kple esiwo miame na Aƒetɔ, mía Mawu la ŋu na mí. 26Ele be míakplɔ míaƒe lãwo hã ayii; ɖeke ƒe afɔkli teti hã matsi anyi o. Woawo dometɔ aɖewo tia ge míala atsɔ sa vɔe na Aƒetɔ, mía Mawu la, eye ɖe kokoko míaɖo afi ma hafi anya esiwo nyo míatsɔ awɔ vɔsaawoe.”
27Gake Aƒetɔ na Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ, eye wògagbe be yemaɖe asi le Israelviwo ŋu woayi o. 28Eblu ɖe Mose ta be: Dzo le gbɔnye. Kpɔ nyuie. Nyemegale wò mo dim makpɔ gbeɖegbeɖe o. Gbe si gbe nye ŋku agakli wò la, àku!”
29Mose ɖo eŋu nɛ be: “Yoo, mesee! Nyemagava do ɖe ŋkuwò me azɔ gbeɖe o!”

Currently Selected:

Mose II 10: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in