Ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe le anyigba la dzi aku; tso Egipte Fiagã la vi gbãtɔ si ava zi dzi ɖe tɔ́a yome dzi va se ɖe kosi si le teƒo la ƒe ŋgɔgbevi dzi. Nenema ke lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã hã aku. Aviɣli aɖi le Egipte-nyigba blibo la dzi. Ɣli sia tɔgbe meɖi kpɔ o, eye magaɖi akpɔ hã o.