YouVersion Logo
Search Icon

ZAXARYA 10

10
Woade dukɔ la le futɔwo te, eye woaƒo enu ƒu.
1Mibia tsidzadza Yehowa; Yehowa ye nana tsi dzana ɖe edza ɣi le kele me, enana dzi ɖona, eye tsi dzana na gbe me numiemiewo kalã 2Elabena aklama kpakpɛwo gblɔa nya maɖinyawo, eye hokɔnɔwo kpɔa alakpaŋutegawo, wolĩa drɔ̃e, siwo mele ɖeke me o, eye woƒe akɔfaname la toflokoe; eyata woanɔ tsa glãla tsam abe alẽwo ene, eye fu awɔ wo, elabena lãkplɔvla ɖeke meli o. 3Nye dɔmedzoe bi ɖe lãkplɔviwo ŋu, eye mahe to na gbɔ̃tsuwo elabena Yehowa Zebaot ava kpɔ Yuda ƒe aƒe, si nye eƒe lãha la ɖa, eye wòatsɔ wo awɔ eƒe sɔ, si woɖo atsyɔ̃ na le aʋa me. 4Eya me dzogoekpe kple gatagbadzɛwo, eya me aʋadatiwo kple dzi-ɖulawo katã ado atso. 5Woanɔ abe kalètɔwo ene ahafanya gbeɖuɖɔ le kpɔdomeewo le aʋa me; woawɔ aʋa, elabena Yehowa li kpli wo, eye sɔdolawo aɖu ŋukpe. 6Made agbe Yuda ƒe ale la ŋu, made Yosef ƒe aƒe, eye mana woatrɔ agbɔ; elabena mave wo nu, eye woanɔ abe ɖe nyemenyã wo de gbe o ene; elabena nye Yehowa enye woƒe Mawu, eye mase woƒe gbe. 7Efrayim azu abe kalẽtɔ ene, eye woƒe dzi akpɔ dzidzɔ abe wein-nolawo ene; wo viwo akpɔe ahakpɔ dzidzɔ, eye woƒe dzi atso aseye ɖe Yehowa ŋu.
8Mala aku aƒo wo nu ƒu, elabena mexɔ wo ƒle, eye woasɔ gbɔ abe tsã ene. 9Mekaka wo hlẽ ɖe dukɔwo dome, eye woaɖo ŋku dzinye le didi ƒe ke, woawo kple wo viwo atsi agbe, eye woatrɔ agbɔ va aƒe. 10Mana woagbɔ tso Egipte-nyigba dzi, maƒo wo nu ƒu tso Asur, eye makplɔ wo ayi Gilead-nyigba kple Libanon dzi, eye teƒe matu wo nu gɔ̃ ha o. 11Xaxa ava atsiaƒu dzi, eye aŋe atslaƒu ƒe tsotsoewo nu, ale be Nil-tɔsisi ƒe gogloƒewo katã namie; Asur ƒe dàda ava anyi me, eye fiatikplɔ adzo le Egipte si me. 12Matsɔ Yehowa ade agbe wo ŋu, eye woazɔ le eƒe ŋkɔ me, Yehowa ye gblɔe.

Currently Selected:

ZAXARYA 10: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

Video for ZAXARYA 10