YouVersion Logo
Search Icon

ZAXARYA 11

11
Konyifafa le dukɔ la kplɔla maɖianukwareawo ŋuti. Atikplɔwo dɔmefafa kple dekawɔwɔ.
1Libanon, ʋu wò agbowo, ne dzo nafiã wò sedertiwo. 2Mi logotiwo, mifa avi, elabena sedertiwo mũ, elabena ati nyuitɔwo gblẽ! Mi Basan ƒe sesewuwo, mifa avi, elabena woƒo ave nyadri la! 3Lãkplɔviwo ƒe avi le ɖidim, elabena woƒe atsyɔ̃ gblẽ; dzataviwo le xɔxlɔ̃m, elabena wogblẽ Yordan ƒe avegoe la!
4Ale Yehowa, nye Mawu la, gblɔ esi; Nyi alẽ, siwo woɖo ɖi na wuwu la! 5Wo ƒlelawo wu wo, womeɖi fɔ o, eye wo dzralewo gblɔ be: Woakafu Yehowa, be mezu hotɔ! Eye wo kplɔlawo ha mekpɔ wo ta o. 6Ale Yehowa gblɔ esi; Nyemagakpɔ anyigbadzitɔwo ta azɔ o, eye matsɔ amesiame ade asi na ehavi kple eƒe fia, woagbã anyigba gudugudu, eye nyemaxɔ ame le wo si me o. 7Menyi alẽ, siwo woɖo ɖi na wuwu, eye woɖi hiã ŋutɔ le alẽwo dome la. Metsɔ atikplɔ eve; meyɔ ɖeka be, „dɔmefafa“, eye meyɔ evelia be, „ɖekawɔwɔ“, eye menyi alẽawo. 8Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã. 9Tete megblɔ be: Nyemele mia nyi ge o; amesi be, yeaku la, neku, amesi be, yeabu la, nebu, eye mamleawo neɖu wo nɔewo ƒe lã. 10Tete metsɔ nye atikplɔ, „dɔmefafã“, eye meŋee, ne matu nye nu, si mebla kple dukɔwo katã la. 11Eye esi wòtu gbemagbe la, alẽ ɖihiã, siwo lé ŋku ɖe ŋunye la, dze sii bena, Yehowa ƒe nya wònye. 12Eye megblɔ na wo bena; Ne edze mia ŋu la, mina nye fetum, ke ne mesɔe na mi o la, midzudzɔ! Tete woxe klosalo sekel blaetɔ̃ nam. 13Eye Yehowa gblɔ nam bena; Tsɔ fetu gbogbo ma, si wohe, ye-wotsɔ de bubu ŋunye la, ƒu gbe ɖe nudzraɖeƒe la me. Tete metsɔ klosalo sekel blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe me. 14Emegbe meŋe nye atikplɔ evelia, „ɖekawɔwɔ“, ne ma gblẽ Yuda kple Israel ƒe nɔviwɔwɔ dome.
15Eye Yehowa gagblɔ nam bena: Tsɔ lãkplɔvi mawɔnuteƒe ƒe lãkplɔnuwo. 16Elabena kpɔ ɖa, maɖo lãkplɔvla ɖe anyigba la dzi, mabia esiwo bu la ta se o, eye madi esiwo ka hlẽ la o, mada gbe le esiwo xɔ abi la ŋu o, eye malé fɔ ɖe sesẽawo ŋu o, ke aɖu ɖamiawo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo. 17Baba na lãkplɔvi dzodzro, si gblẽ lãha la ɖe ya me! Yi neva eƒe alɔ kple eƒe ɖusi ŋku dzi! Eƒe alɔ aƒu kplakplakpla, eye eƒe ɖusl ŋku agbã.

Currently Selected:

ZAXARYA 11: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

Video for ZAXARYA 11