ZAXARYA 12
12
Mawu kpɔ Yerusalem ta.
1Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Israel ŋu; Ale Yehowa, amesi keke dziƒo me, amesi ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòwɔ gbɔgbɔ de amegbetɔ me la, gblɔ esi; 2Yerusalem anye ahamuametre na dukɔwo katã godoo; eye ne woɖe to ɖe Yerusalem la, Yuda hã anɔ eme. 3Ɣemaɣi la matsɔ Yerusalem awɔ kpegbae na dukɔwo katã; amesiwo katã be, yewoakɔe la, woade abi wo ɖokui ŋu, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo takpli de eŋu. 4Ate Yehowa gblɔ esi; Ɣemaɣi la mado vɔvɔ̃ na sɔwo katã eye sɔdolawo adze aɖaʋa; nye ŋku anɔ te de Yuda ƒe aƒe la ŋu, ke mana dukɔwo ƒe sɔwo katã ƒe ŋku nagbã. 5Eye Yuda-amegãwo agblɔ le woƒe dzi me bena: Yerusalem-tɔwo la, Yehowa Zebaot, woƒe Mawu la, enye ŋusẽ na wo. 6Ɣemaɣi la matsɔ Yuda-amegãwo awɔ dzoɖesonu ɖe nake titina, woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒu me ene, eye woafiã dukɔwo katã godoo Ie ɖusl me kple mia me; ke Yerusalem aganɔ eteƒe. 7Yehowa axɔ na Yuda ƒe agbaɖɔ gbã, ne Ɖa-wlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo magaƒo aɖegbe ɖe Yuda ŋu akpa o. 8Ɣemaɣl la Yehowa akpɔ Yerusalemtɔwo ta, woƒe ame beliwo anɔ ɣemaɣi abe Dawid ene, eye Dawid ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, abe Yehowa ƒe dɔla ene adze wo ŋgɔ. 9Le ɣemaɣi la madi be, matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã ho ɖe Yerusalem ŋu la.
Gbɔgbɔ la ŋugbedodo. Dukɔ la fa konyi le amesi wotɔ nui la ŋuti.
10Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene. 11Le ɣemaɣl la konyifafa leƒe makɔ le Yerusalem o, abe alesi wówɔ kuteƒe na Hadad-Rimon le Megiɖo-tagba ene. 12Anyigba la afa konyi, ƒome sia ƒome etɔxɛ; Dawid ƒe aƒe ƒe ƒome la afa konyi wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ; Natan ƒe aƒe ƒe ƒome la wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ; 13Lewi ƒe aƒe ƒe ƒome la wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ; Simel ƒe ƒome la wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ; 14ƒome mamleawo katã wo tɔxɛ wo tɔxɛ le ƒomeawo nu, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ.
Currently Selected:
ZAXARYA 12: EWERV
Highlight
Share
Copy
![None](/_next/image?url=https%3A%2F%2Fimageproxy.youversionapi.com%2F58%2Fhttps%3A%2F%2Fweb-assets.youversion.com%2Fapp-icons%2Fen.png&w=128&q=75)
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.