ZAXARYA 9
9
Tɔ̃subɔlawo teteɖeanyi.
1Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Xadrax-nyigba ŋu, kple eƒe nya, si va nɔ Damasko — elabena Yehowa ƒe ŋku le amegbetɔwo kple Israel ƒe toawo katã ŋu — 2hekpe ɖe Xamat, si ɖo liƒo nɛ, kple Tiro kpakple Zidon ŋuti, le, esi nunya le wo si ŋutɔ ta. 3Tiro tu mɔ̃ sesẽ na eɖokui, eli kɔ klosalo gleglegle abe ke ene kple sika abe gbeɖuɖɔ le kpɔdomee ene. 4Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ana woaxɔe, eye atsiaƒu agble eƒe ŋusẽ dome, ke dzo afiã eya ŋutɔ. 5Askalon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe; dzidzi aƒo Gaza akpe ɖe Ekron ŋu, elabena eƒe sitsoƒe azu ŋukpe. Fia atsrɔ̃ ɖa le Gaza, eye Askalon azu aƒeɖo. 6Ame tsakatsakawo anɔ Asdod, eye matsi Filistitɔwo ƒe ɖaɖa nu. 7Maɖe ʋu ɖa le eƒe nu me kple ŋunyɔnu ɖa le eƒe aɖuwo dzi, eya ha asusɔ na mia Mawu, eye wòanɔ abe Yuda ƒe amegãwo ene, eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene 8Manye dzɔla aƒu asaɖa anyi ɖe nye aƒeŋu le amesiwo vana gadzonu la ta, eye ŋutasẽla magaƒo ɖe wo dzi azɔ o, elabena nye ŋutɔ mekpɔe kple nye ŋkuwo.
Mesia, si anye fia ŋutifafatɔ kple ŋusẽtɔ ŋugbededo.
9Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi. 10Matsrɔ̃ tasiaɖam ɖa le Efrayim kple sɔwo ɖa le Yerusalem, aʋadatiwo atsrɔ̃, eye wòaɖe gbe ƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke. 11Maɖe esi le wo gatɔwo bã ŋu tso ɖo ƒuƒiu la me, le nu, si metsɔ bla nu kpli wo la ta.
12Mi gatɔ siwo le mɔ kpɔm, mitrɔ gbɔ va mɔ̃ sesẽ la me! Mele gbe ƒã ɖem egbea be: Maɖo eteƒe na wò zi gbɔ zi eve. 13Elabena mehe Yuda me abe ɖatl ene, eye metsɔ Efrayim wɔ aŋutrɔe heɖo edzi: Zion, maɖe aɖã ta me na viwòwo ɖe Helaviwo ŋu, eye matsɔ wo awɔ kalẽtɔ ƒe yii. 14Yehowa ado ɖe wo ta me, eye ele aŋutrɔ alũ ʋɔ abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ, eye wòanɔ dziehe ƒe ahom me ave yi. 15Yehowa Zehaot akpa wo ta, be woaɖu wo, eye woanyã avuzi le akafokpewo dzi, woano nu anɔ ɣli dom abe weinmulawo ene, eye woayɔ banaa abe vɔsalre kple vɔsamiekpul ƒe dzogoewo ene. 16Yehowa, woƒe Mawu, axɔ na eƒe dukɔ ɣemaɣi abe lãha ene; elabena woanɔ dzo sim le eƒe anyigba dzi abe kpe xɔasi le fiakuku ŋu ene. 17Elabena aleke wòhenyo, eye wòdze ani ale? Bli nana ɖekakpuiwo tsina, eye aha yeye nana ɖetugbiwo tsina.
Currently Selected:
ZAXARYA 9: EWERV
Highlight
Share
Copy
![None](/_next/image?url=https%3A%2F%2Fimageproxy.youversionapi.com%2F58%2Fhttps%3A%2F%2Fweb-assets.youversion.com%2Fapp-icons%2Fen.png&w=128&q=75)
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.