ZAXARYA 8
8
Nyagblɔdi le xɔxɔ, si ava na Mawu ƒe dukɔ la ŋuti, si aʋã trɔ̃subɔlawo, ale bena woadi Mawu vavã yome.
1Eye Yehowa Zebaot ƒe gbe va bena: 2Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Meʋã ŋu ɖe Zion nu vevie, eye meɖo dziku vevie be ʋã ŋu ɖe enu. 3Ale Yehowa gblɔ esi: Magatrɔ ɖe Zion ŋu, eye manɔ Yerusalem. Woayɔ Yerusalem be, „nyateƒeɖu“, eye Yehowa Zebaot ƒe to la be „to kɔkɔe“. 4Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Amegã ɖeɖiwo kple nyagãwo agabɔbɔ nɔ Yerusalem ƒe ahlɔwo me, eye wo ɖometɔ ɖesiaɖe alé atlzɔtl ɖe asi le ƒe geɖe xɔxɔ la. 5Ŋutsuvlwo kple nyɔnuvlwo ayɔ ɖua ƒe ahlɔwo me laŋ, eye woanɔ fefem le eƒe ahlɔwo me. 6Ale Yehowa Zebaot gblɔesl: Ne enye nukunu na dukɔ sia ƒe susɔea le ɣemaɣi la, ɖe wòanye nukunu na nye ha loo? Yehowa Zebaot ye gblɔe 7Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖe nye dukɔ tso ɣedzeƒe-nyigba kple ɣeloɖoƒe-nyigba dzi, 8eye makplɔ wo vɛ, ne woanɔ Yerusalem, woanye nye dukɔ, eye manye Mawu na wo le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.
9Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi. Agbe neɖo miaƒe asiwo me mi amesiwo se nya siawo tso nyagblɔɖilawo nu le ŋkeke siawo me, nya, siwo wogblɔ na mi le gbe sigbe woɖo Yehowa Zebaot ƒe xɔ la gɔme anyi, be woagatu gbeɖoxɔ la. 10Hafi ŋkeke siawo naɖo la, fetu menɔ anyi na amegbetɔwo kple lãwo o; amesi do alo va eme la ŋu mefa o, le futɔ ta, eye meɖe adã ta me na amegbetɔwo katã ɖe wo nɔewo ŋu. 11Ke azɔ la nyemele na dukɔ sia ƒe susɔea abe tsã ene o, Yehowa Zebaot ye gblɔe; 12ke boŋ nuku ŋu afa, eye weinka atse, anyigba aʋã nu, eye dziƒo adza zãmu, eye mana nusiawo katã nazu dukɔ sia ƒe susɔea tɔ. 13Yuda ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe, alesi mienye fiƒoɖe le dukɔwo ɖomee la, nenema maxɔ na mi, be miazu yayra; migavɔ̃ o, agbe neɖo miaƒe asiwo me! 14Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Alesi meɖo ta me be, mawɔ vɔ̃ mi, eye mevem o, le esi mia fofowo ɖo dziku nam ta la, Yehowa ye gblɔe, 15nenemae me-gaɖo ta me le ŋkeke siawo me be, mawɔ nyuie na Yerusalem kple Yuda ƒe aƒe la; migavɔ̃ o! 16Nusiwo miawɔ la, wonye esi: Amesiame neto nyateƒe na ehavi, midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eleƒe le ŋutifafa me le miaƒe ablɔwo me! 17Migaɖo vɔ̃ ɖe dzi me ɖe mia nɔewo ŋu o, eye alakpatamkaka megavivi mia nu o, elabena melé fu nusiawo kafã, Yehowa ye gblɔe.
18Eya Yehowa Zebaot ƒe gbe va nam bena: 19Ale Yehowa Zebaot gblɔ asi: Nutsitsidɔ le dzinu enelia kple etɔ̃lia dzi, le dzinu adrelia kple ewolia dzi azu dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyatsotso kpakple ŋkekenyuie na Yuda ƒe ale la; ke milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa! 20Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Dukɔwo kple ɖu geɖewo me nɔlawo agava. 21Eye du si me nɔlawo atso aɖagblɔ na ekeme me nɔlawo bena: Mitso, ne míayi aɖaƒo koko le Yehowa ŋku me, eye miaɖl Yehowa Zebaot. Nye hã mayi! 22Eye dukɔ geɖewo kple anyigba dzi dukɔ gawo ava ɖl Yehowa Zebaot la Yerusalem, eye woaƒo koko le Yehowa ŋku me. 23Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la ŋutsu awu atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo kalã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Miayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.
Currently Selected:
ZAXARYA 8: EWERV
Highlight
Share
Copy
![None](/_next/image?url=https%3A%2F%2Fimageproxy.youversionapi.com%2F58%2Fhttps%3A%2F%2Fweb-assets.youversion.com%2Fapp-icons%2Fen.png&w=128&q=75)
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.