YouVersion Logo
Search Icon

Luka 7

7
Yesu da gbe le Kapernaum-ʋafia la ƒe dɔla ŋu.
1Esi wowu eƒe nyawo katã nu le dukɔ la ƒe to me la, eyi ɖe Kapernaum. 2Eye aʋafiaa ɖe ƒe dɔla, si nye ame vevi nɛ la, le dɔ lém ɖo kudo nu. 3Eye esi wose Yesu ŋkɔ la, edɔ Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, wòava ɖe eƒe dɔla. 4Eye woawo la, esi wova Yesu gbɔ la, woɖe kuku nɛ vevie gblɔ bena: Edzee be, nawɔ esia nɛ; 5elabena elɔ̃ miaƒe dukɔ la, eye eya kee tu miaƒe ƒuƒoƒe la na mi. 6Eye Yesu yi kpli wo. Ke esi eya, kple aƒe la dome megadidi o la, aʋafia la dɔ eƒe xɔlɔ̃wo ɖe egbɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, megaɖe fu na ɖokuiwò o; elabena medzem bena, nava nye xɔ te o; 7eyaŋuti nyemebu ɖokuinye hã bena, edzem be, mava gbɔwò o, ke boŋ gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla ƒe lãme asẽ. 8Elabena nye hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye, eye megblɔna na amesia be: Yi, eye wòyina, eye na ame bubu be: Va, eye wòvana, eye na nye dɔla be: Wɔ esia, eye wòwɔna. 9Eye esi Yesu se esiawo la, eƒe mo wɔ yaa le eŋuti, eye esi wòtrɔ la, egblɔ na ameha, si dze eyome la bena: Mele egblɔm na mi bena: Le Israel gɔ̃ hã la nyemekpɔ xɔse sia tɔgbe kpɔ o. 10Eye esi ame dɔdɔwo trɔ yi aƒe la, wokpɔ dɔla la bena, eƒe lãme sẽ.
Nain-ɖekakpui la.
11Eye esi ŋu eke la, eva me bena, eyi ɖe dua ɖe, si woyɔna be Nain la me; eye eƒe nusrɔ̃la geɖeawo kple ameha gãa ɖe kpe ɖe eŋuti yi. 12Ke esi wògogo du la ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wotsɔ ame kukua ɖe, si nye tenuvi na dadaa, si nye ahosi la, le go domi, eye duametɔ geɖewo kpe ɖe eŋuti. 13Eye esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o! 14Eye esi wote va la, ede asi aɖaka la ŋuti; eye etsɔlawo tɔ ɖe tsitre. Eye wògblɔ bena: Ɖekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre! 15Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye wòde asi nuƒoƒo me, eye wòtsɔe na dadaa. 16Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gãa ɖe tsi tre le mia dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa. 17Eye nya sia ɖi hoo le eŋuti le Yudea blibo la kple nutoawo katã me godoo.
Yohanes dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe Yesu gbɔ.
18Eye Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nusiawo katã fiɛ. 19Eye Yohanes yɔ eƒe nusrɔ̃lawo dome lãme eve va egbɔ, eye wòdɔ wo do ɖe Aƒetɔ la gbɔ gblɔ bena: Alo wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubua ɖee míakpɔ mɔ na mahã? 20Eye esi ŋutsuawo va egbɔ la, wogblɔ bena: Yohanes, mawutsidetanamelae do mí ɖo ɖe gbɔwò bena: Wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubua ɖee míakpɔ mɔ na mahã? 21Eye le gaƒoƒo ma dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòna ŋkuagbãtɔ geɖewo kpɔ nu. 22Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo. 23Eye Woayra amesi mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.
24Ke esi Yohanes ƒe ame dodowo dzo yina la, ede asi gbɔgblɔ me na amehawo le Yohanes ŋuti bena: Nuka kpo ge mieɖo go yi gbedzi mahã? Alo ayeti, si ya le ʋuʋum la mahã? 25Alo nuka gɔ̃ kpɔ ge mieɖo go yie? Alo amesi ɖo awu bɔbɔea? Kpɔ ɖa, amesiwo le awu ŋɔŋɔewo me, eye wole agbe vivi nom la, woawoe le fiamɔ̃wo me. 26Ekema nuka gɔ̃ kpɔ ge miedo go yie? Nyagblɔɖilaea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã. 27Esia enye amesi ŋuti woŋlɔ ɖo bena: „Kpɔ ɖa, mele ye dɔla dɔm ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la ɖo le ŋgɔwò.“ 28Mele egblɔm na mi bena: Le amesiwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke mewu Yohanes o: ke amesi nye suetɔ le mawufiaɖuƒe la me la, wu eyama. 29Eye esi dukɔ la katã kple nudzɔlawo see la, wotso afia na Mawu, eye wona wotsɔ Yohanes ƒe mawutsi de ta na wo. 30Ke farisitɔ kple sefiala, siwo mede mawutsi ta na o la, wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu numaɖinui na wo ɖokui. 31Ameka gɔ̃ ŋuti matsɔ dzidzime sia ƒe amewo aɖoe, eye ameka woɖi mahã? 32Woɖi ɖevi, siwo bɔbɔ nɔ anyi ɖe asi me, eye wole wo nɔewo yɔm gblɔ bena: Mieku dze na mi, eye mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha na mi, eye miefa avi o. 33Elabena Yohanes, mawutsidetanamela va, meɖua abolo o, menoa aha o, eye miegblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ le eme. 34Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu, eye miegblɔ bena: Nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃. 35Eye nunya la ƒe viwo katã tso afia nɛ.
Nyɔnu nuvɔ̃wɔlaa ɖe si ami na Yesu.
36Eye farisitɔa ɖe kpee be, wòaɖu nu kplii. Eye esi wòyi ɖe farisitɔ la ƒe me la, ebɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti. 37Eye kpɔ ɖa, nyɔnu nuvɔ̃wɔla ɖe le dua me, eye esi wònye bena, ele kplɔ ŋuti le farisitɔ la ƒe me la, etsɔ alabastrogoe, si me ami le la vɛ, 38eye wòtsi tre ɖe emegbe le eƒe afɔ nu hele avi fam, eye wòde asi aɖatsifafa me ɖe eƒe afɔwo dzi, eye wòtutu wo kple taɖa, eye wòɖuɖɔ eƒe afɔwo ŋuti, eye wotsɔ ami la hesi na wo. 39Ke esi farisitɔ, si kpee la, kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ɖe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye. 40Eye Yesu xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Simon, nyaa ɖe le asinye, be magblɔ na wò. Eye wògblɔ bena: Nufiala, gblɔe. 41Fenyila eve wole fetɔ ɖeka si; ɖeka nyi denario alafa atɔ̃, ke bubu nyi blaatɔ̃. 42Esi naneke mele wo si be, woaxee o la, etsɔe ke wo ame eve la katã. Azɔ wo dometɔ kae alɔ̃e awu mahã? 43Simon ɖo ŋu gblɔ bena: Mebu xa bena: Amesi wotsɔ geɖe wu kee lae. Eye wògblɔ nɛ bena: Ebui nyuie. 44Eye esi wòtrɔ ɖe nyɔnua gbɔ la, egblɔ na Simon bena: Ele nyɔnu sia kpɔma? Meva aƒewò me, eye mèna tsim be, maklɔ nye afɔwo ŋuti o, ke eya la fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa hetutu wòe. 45Mèɖuɖɔ nu nam o; ke eya la tso esime wòva eme la, medzudzɔ nye afɔwo gbugbɔgbugbɔ o. 46Mesi ami ɖe ta nam o; ke eya la tsɔ ami hesi ɖe nye afɔwo ŋuti. 47Eyaŋuti mele egblɔm na wò bena: Wotsɔ eƒe nuvɔ̃, siwo sɔ gbɔ la kee, elabena elɔ̃ geɖe; ke amesi wotsɔ ʋee kee la, ʋee ko wolɔ̃na. 48Eye wògblɔ nɛ bena: Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò! 49Tete amesiwo le kplɔ̃a ŋuti kplii ta, de asi gbɔgbɔ me le woa ŋutɔ ɖokui me bena: Amekae nye esia, si tsɔa nuvɔ̃wo hã kena mahã? 50Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Wò xɔse la ɖe wò; yi ɖe ŋutifafa me!

Currently Selected:

Luka 7: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in