YouVersion Logo
Search Icon

Luka 6

6
Nusrɔ̃lawo ƒe lutugutugu kple Yesu ƒe gbedada le amesi titi lé asi nɛ la ŋu le Sabat dzi.
1Eye wòva ve me le Sabat evelia, si dze gbãtɔ yome la dzi bena, eto lugbleawo me yi, eye eƒe nusrɔ̃lawo ŋe Iutiawo, eye wotugui kple asiwo heɖu. 2Ke farisitɔa ɖewo gblɔ bena: Nukaŋuti miewɔ nusi mele se la nu be, woawɔ le Sabat-ŋkeke dzi o mahã? 3Eye Yesu ɖo ŋu na wo bena: Alo miexlẽ nusi Dawid wɔ, esime dɔ wu eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti, 4alesi wòyi ɖe mawuxɔ la me, eye wotsɔ ŋkumeɖobolo, eye woɖu, eye wòna amesiwo kpe ɖe eŋuti hã, si womeɖe mɔ be, woaɖu o, negbe nunɔlawo ɖeɖeko la, kpɔ o mahã?! 5Eye wògblɔ na wo bena: Amegbetɔvi lae nye Sabat la ƒe Aƒetɔ.
6Eye wòva ve me le Sabat bubu dzi bena, eyi ɖe ƒuƒoƒe la, be yeafia nu; eye amea ɖe le afima, si titi lé nuɖusi na. 7Ke agbalẽfialawo kple farisitɔwo le ŋudzɔ nɛ be, ɖewohĩ ada gbe le eŋu le Sabat dzi, bena yewoakpɔ nya atso enu. 8Ke enya woƒe tamesusuwo, eye wògblɔ na ŋutsu, si titi lé asi na la bena: Tso, eye natsi tre ɖe titina. Eye wòtso ɖe tsitrenu. 9Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mabia mi: Ɖe woɖe mɔ be, woawɔ nu nyui alo woawɔ nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe agbe alo woatsrɔ̃e mahã? 10Eye wòkpɔ wo katã godoo hegblɔ nɛ bena: Mlo wò asi! Eye wòwɔe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo. 11Ke woawo la movidzɔdzɔ yɔ wo fũ, eye woƒo nu na wo nɔewo, nusi woate ŋu awɔ Yesu.
Yesu tia apostolo wuieveawo.
12Eye wòva ve me le ŋkeke siawo me bena, eɖo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdo ŋu hele gbe ɖom ɖa na Mawu. 13Eye esi ŋu ke la, eya eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ, eye wòtia ame wuieve le wo dome, amesiwo wòyɔ hã bena apostolowo: 14Simon, si woyɔna hã be Petro, kple nɔvia Andrea, Yakobo kple Yohanes, Filipo kple Bartolomeo, 15Mateo kple Toma, Yakobo, Alfeovi kple Simon, si woyɔna be Zelotes, 16Yuda, Yakobo vi, kpakple Yuda Iskariot, si zu yomemɔfiala.
Yesu ƒe to dzi nyagbɔgblɔ.
17Eye esi wòɖi kpli wo la, etsi tre ɖe gbadzaƒea ɖe, eye eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gãa ɖe kple amewo ƒe ha gãa ɖe, si tso Yudea katã kple Yerusalem kple Tiro kpakple Sidon-ƒuta la, va be woaɖo toe, eye be woada gbe le yewo ŋu le woƒe dowo me; 18eye wòda gbe le amesiwo gbɔgbɔ blibawo le fu ɖem na la ŋu. 19Eye ameha la katã ɖi be, yewoado asi eŋu, elabena ŋusẽ do go tso eme, eye wòda gbe le wo katã ŋu.
20Eye wowu eƒe mo dzi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi gblɔ bena; Woayra mi, amesiwo nye ame dahewo; elabena miawo toe nye mawufiaɖuƒe la. 21Woayra mi, amesiwo dɔ le mia wum azɔ la, elabena míaɖi ƒo. Woayra mi, amesiwo le avi fam azɔ la, elabena miako nu. 22Woayra mi, ne amewo alé fu mi, eye woaɖe mi le woƒe ha me, eye woadzu mi, eye woatso miaƒe ŋkɔ aƒu gbe abe vɔ̃ ene le Amegbetɔvi la ta. 23Dzi nadza mi le ŋkeke ma me, eye midzo kpo, elabena kpɔ ɖa, miaƒe fetu lolo le dziƒo, elabena nenema ke wo fofowo wo nya gblɔɖilawoe. 24Gake baba na mi kesinɔtɔwo; elabena miekpɔ miaƒe akɔfafa la xoxo. 25Baba na mi, amesiwo ƒe ƒodo yɔ; elabena dɔ awu mi. Baba na mi amesiwo le nu kom azɔ la, elabena miafa konyi, eye miafa avi. 26Baba na mi, ne amewo katã aƒo nu nyuie le mía ŋuti; elabena nenema ke wo fofowo wo na aʋatsonyagblɔɖilawo.
27Ke mi, amesiwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi bena; Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, miwo nyuie na amesiwo lé fu mi; 28miyra amesiwo ƒo fi ɖe mi, miɖo gbe ɖa ɖe amesiwo ƒo ɖi mi la ta. 29Amesi ƒo tome ɖeka na wò la, nyẽ ekeme hã nɛ, eye amesi tso wò awu la, megagbe wò avɔ hã tsɔtsɔ nɛ o. 30Na nu amesiame, si le biawòm, eye amesi tso wò nu la, megabia ta se o. 31Eye alesi miedi bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwo na wo nenema ke. 32Eye ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, akpedada kae li na mi? Elabena nuvɔ̃wɔlawo hã lɔ̃a amesiwo lɔ̃a wo. 33Elabena ne miewɔ nu nyui na amesiwo woa nu nyui na mi la, akpedada kae li na mi? Nuvɔ̃wɔlawo hã woa nenema ke. 34Eye ne mieɖo nu na amesiwo miele mɔ kpɔm na be, woagaxee na mi la, akpedada kae li na mi? Nuvɔ̃wɔlawo hã ɖoa nu na nuvɔ̃wɔlawo, be woagakpɔ nenema nu ke. 35Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo. 36Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene. 37Migadɔ ʋɔnu, eye woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; migabu fɔ, eye woagabu fɔ mi o, miɖe asi le amewo ŋu, eye woaɖe asi le mia ŋu; 38mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.
39Eye wòdo lo hã na wo bena: Ɖe ŋkuagbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Alo ɖe wo ame eve la katã madze do me o mahã? 40Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o, ke amesiame, si wofia nui la, lanɔ abe eƒe nufiala ene. 41Ke nukaŋuti nèkpɔ ati fefee le nɔviwò ƒe ŋku me, eye mèdzea si atikpo, si le wò ŋutɔ wò ŋku me la o mahã? 42Aleke lawɔ nate ŋu agblɔ na nɔviwò bena: Nɔvinye, na mɔm, ne maɖe ati fefee, si le wò ŋku me, esi wò ŋutɔ mèkpɔ atikpo, si le wò ŋku me la o mahã? Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋku me gbã, eye ekema nakpɔ nyuie be, naɖe ati fefee, si le nɔviwò ƒe ŋku me. 43Elabena ati nyuia ɖeke meli, si tsea ku manyomanyo o, eye ati manyomanyoa ɖeke hã metsea ku nyui o. 44Elabena ati sia ati ŋutɔ ƒe tsetse wotsɔna dzea sii; elabena womegbea gbowo le ŋutiwo dzi o, alo wotsoa weinkpo le ŋuve me o. 45Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si, ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.
46Ke nukaŋuti miele yɔyem bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, eye miewɔ nusiwo megblɔ na mi la dzi o mahã? 47Amesiame, si va gbɔnye, eye wose nye nyawo, eye wòwɔ wo dzi la, mafia mi, amesi wòɖi: 48Eɖi amea ɖe, si le xɔ; tum, amesi ku do wògoglo, eye wòɖo egɔme anyi ɖe kpe gbadza dzi; ke esi to ɖo, eye tɔsisi ƒo ɖe xɔ ma ŋu la, mete ŋu ʋuʋui o le eƒe tutu nyui ta. 49Ke amesi senɛ, eye mewɔa edzi o la, eɖi amea ɖe, si tu xɔ ɖe anyigba, eye meɖo egɔme anyi o, eye tɔsisi ƒo ɖe eŋu, eye wòmu enumake, eye xɔ ma ƒe atidzedze ɖi gblo.

Currently Selected:

Luka 6: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in