1
Luka 6:38
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.
Compare
Explore Luka 6:38
2
Luka 6:45
Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si, ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.
Explore Luka 6:45
3
Luka 6:35
Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.
Explore Luka 6:35
4
Luka 6:36
Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.
Explore Luka 6:36
5
Luka 6:37
Migadɔ ʋɔnu, eye woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; migabu fɔ, eye woagabu fɔ mi o, miɖe asi le amewo ŋu, eye woaɖe asi le mia ŋu
Explore Luka 6:37
6
Luka 6:27-28
Ke mi, amesiwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi bena; Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, miwo nyuie na amesiwo lé fu mi; miyra amesiwo ƒo fi ɖe mi, miɖo gbe ɖa ɖe amesiwo ƒo ɖi mi la ta.
Explore Luka 6:27-28
7
Luka 6:31
Eye alesi miedi bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwo na wo nenema ke.
Explore Luka 6:31
8
Luka 6:29-30
Amesi ƒo tome ɖeka na wò la, nyẽ ekeme hã nɛ, eye amesi tso wò awu la, megagbe wò avɔ hã tsɔtsɔ nɛ o. Na nu amesiame, si le biawòm, eye amesi tso wò nu la, megabia ta se o.
Explore Luka 6:29-30
9
Luka 6:43
Elabena ati nyuia ɖeke meli, si tsea ku manyomanyo o, eye ati manyomanyoa ɖeke hã metsea ku nyui o.
Explore Luka 6:43
10
Luka 6:44
Elabena ati sia ati ŋutɔ ƒe tsetse wotsɔna dzea sii; elabena womegbea gbowo le ŋutiwo dzi o, alo wotsoa weinkpo le ŋuve me o.
Explore Luka 6:44
Home
Bible
Plans
Videos