eyaŋuti nyemebu ɖokuinye hã bena, edzem be, mava gbɔwò o, ke boŋ gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla ƒe lãme asẽ. Elabena nye hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye, eye megblɔna na amesia be: Yi, eye wòyina, eye na ame bubu be: Va, eye wòvana, eye na nye dɔla be: Wɔ esia, eye wòwɔna. Eye esi Yesu se esiawo la, eƒe mo wɔ yaa le eŋuti, eye esi wòtrɔ la, egblɔ na ameha, si dze eyome la bena: Mele egblɔm na mi bena: Le Israel gɔ̃ hã la nyemekpɔ xɔse sia tɔgbe kpɔ o.