YouVersion Logo
Search Icon

Hebritɔwo 8

8
Nubabla yeye me kɔkɔeƒe kple nunɔlagã ƒe dɔ lolo wu nubabla xoxo metɔ tɔ.
1Ke nya, siwo miegblɔ la, ƒe emenya gãtɔ enye esi. Nunɔlagã sia tɔgbe le mia si, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye fiazikpui la ƒe nuɖusi me le dziƒowo, 2amesi nye kɔkɔeƒe kple agbadɔ vavã, si Mawu ŋutɔ tu, eye menye amee tui o la, ƒe subɔla. 3Elabena woɖo nunɔlagã sia nunɔlagã, bena wòatsɔ nunanawo kple numemewo ana; eyata ele vevie bena, nane nanɔ nunɔlagã sia hã si be, wòatsɔ ana. 4Azɔ la ne enɔ anyigba dzi la, mele nunɔla nye ge kura o; elabena nunɔlawo li, amesiwo tsɔa nunanawo vanɛ le se la nu, 5nenem me siawo subɔa nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli, abe alesi Mawu ɖee fia Mose, esime wòle agbadɔ la wɔ ge la ene; elabena egblɔ be: „Kpɔ dzi, be nawɔ nuwo katã ɖe nɔnɔme, si wofiã wo le toa dzi la nu.“
6Ke azɔ la subɔsubɔ, si nyo wu sã la, su esi, abe alesi wònye nubabla, si nyo wu, eye woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo, siwo nyo wu la, dzi la ƒe avuléla ene. 7Elabena ɖe vodada mele nubabla gbãtɔ ma ŋu o la, anye ne womedi nɔƒe na evelia o. 8Elabena eka ŋku me na wo gblɔ be: „Kpɔ ɖa, Yehowa gblɔ bena: Ŋkekewo li gbɔna, eye mabia nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe la, 9menye ɖe nu, si mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu hekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi la nu o, elabena woawo menɔ nye nubabla me o, eye nye hã nyemele be na wo o, Yehowa ye gblɔe. 10Elabena esia nye nu, si mabia kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe ta me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo me, eye manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ. 11Eye wo dome amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agble be: „Dzesi Yehowa“ o; elabena wo katã woanyam tso woƒe ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi. 12Elabena mave woƒe madzɔmadzɔnyenyewo nu, eye nyemagado ŋu woƒe nuvɔ̃wo kple woƒe vodadawo o.“ 13Le esime wògblɔ be: „Nu yeye“ la, ena gbãtɔ do xoxo; ke nusi ɖo xoxo, eye wòtsi ŋutɔ la, te ɖe gbegblẽ ŋu.

Currently Selected:

Hebritɔwo 8: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in