YouVersion Logo
Search Icon

Hebritɔwo 7

7
Kristo, si nye nunɔla abe Melxizedek ene la, ƒo Lewitɔwo ƒe nunɔlawo ta.
1Elabena Melxizedek sia enye Salem-fia kple Mawu, dziƒoʋĩtɔ, nunɔla, amesi yi ɖakpe Abraham, le esime wògbugbɔ tso fiawo siƒe gbɔna, eye woayrae; 2amesi hã Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia na la; wotso ŋkɔ nɛ gbã be dzɔdzɔenyenye ƒe fia; ke emegbe la wotrɔe be Salem-fia, si gɔme enye ŋutifafa fia: 3Tɔ kple nɔ kple dzidzimenya mele esi o; ŋkekewo ƒe gɔmedzedze kple agbe ƒe nuwuwu meli nɛ o; ke boŋ Mawuvi la wòɖi, eye wònɔ anyi nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me. 4Ke mibu amesia, si Abraham, amegã xoxo la, tsɔ aboyonuawo ƒe ewolia na la, ƒe gãnyenye ŋuti kpɔ. 5Lewi-vi, siwo xɔ nunɔlanyenye la, se le woawo hã si, bena woaxɔ nuwo ƒe ewolia tso dukɔ, si nye wo nɔviwo la si me le se la nu, wònye Abraham ƒe ali me woawo hã wodo tso hafi; 6ke ame ma, si ƒe dzidzime metso wo gbɔ o la, xɔ nuwo ƒe ewolia tso Abraham si me, eye wòyra amesi si ŋugbedodo le. 7Ke ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesi nye gãtɔ la, yra amesi nye suetɔ. 8Eye le afisia la, amesiwo kuna la, xɔ nuwo ƒe ewolia: ke afime la, amesi ŋuti woɖi ɖase le be, ele agbe la, xɔnɛ. 9Eye woate ŋu agblɔ be: To Abraham dzi woxɔ nuwo ƒe ewolia le Lewi hã, amesi xɔa nuwo ƒe ewolia la si: 10elabena egale fofoa ƒe ali me ko, esime Melxizedek yi ɖakpee.
11Azɔ la ne blibonyenye vana toa Lewitɔwo ƒe nunɔlanyenye me — elabena dukɔ la xɔ se la le eya te la — nukaŋuti wògahiã bena, nunɔla bubu natsi tre le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu, eye womabui le Aron ƒe ɖoɖo la nu o mahã? 12Elabena ne woɖuɖɔ nunɔlanyenye la, ele be, woaɖuɖɔ se la hã tsã. 13Elabena amesi ŋuti wogblɔ esia le la, enye to bubu me tɔ, amesiwo dome amea ɖeke mesubɔna le vɔsamlekpui gbɔ o. 14Elabena edze ƒã bena, mia Aƒetɔ la ɖo tso Yuda-to la me, to, si Mose megblɔ nyaa ɖeke na le nunɔlanyenye ŋuti o. 15Eye esia dze ƒã gawu, ne nunɔla bubu, si le abe Melxizedek ene la, va tsi tre, 16amesi womeɖo le se, si nye ŋutilãtɔ la ƒe ɖoɖo nu o, ke boŋ le agbe mavɔ ƒe ŋusẽ la nu. 17Elabena woɖi ɖase le eŋu bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“ 18Elabena woɖe se ŋgɔgbetɔ la ɖa le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kple viɖe manyemanye ŋuti, 19— elabena se la mewɔa naneke blibo o, — eye wotsɔa mɔkpɔkpɔ, si nyo wu sã la vɛ, esi me miato ale ɖe Mawu ŋuti.
20Eye alesi woɖoe nunɔla, eye atamkaka megbe eŋutinɔnɔ o la — 21elabena ame mawo zu nunɔlawo atamkaka manɔŋui; ke ame sia zui atamkaka kpe ɖe eŋu heto Mawu dzi, amesi gblɔ nɛ bena: „Yehowa ka atam, eye mele etrɔ ge o: Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu“ — 22nenema ke hã Yesu zu nubabla, si nyo wu sã la ƒe asiƒuakɔla 23Eye ame mawo dome geɖeawo zu nunɔlawo, le esi ku gbe bena, woagatsi agbe o la ta; 24ke eya la, esi wònɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me ŋuti la, nunɔlanyenye, si meɖɔlina o la, le esi. 25Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.
26Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo, 27amesi mehiã gbesiagbe vɔsasa abe nunɔlagã mawo, amesiwo wɔ vɔsasa gbã ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuvɔ̃wo ta, eye emegbe la ɖe dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta ene o; elabena ewɔ esia zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, esime wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena. 28Elabena se la tsɔa amesiwo gbɔdzɔ la ɖoa nunɔlagãwo; ke atamkaka, si dze se la yome la, ƒe nya ɖo Vi, si wowɔ blibo la, nunɔlagã yi ɖe mavɔmavɔ me.

Currently Selected:

Hebritɔwo 7: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in