Hebritɔwo 6
6
Nuxɔxlɔ̃ le megbedede tso xɔse la gbɔ ŋuti.
1Eyata mina miagblẽ Kristo ƒe nufiafia ƒe gɔmedzedze ɖi, eye míade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti, bene miagaɖo dzimetɔtrɔ tso dɔwɔwɔ kukuwo me kple Mawu dzixɔse 2kple mawutsidedetaname ŋuti nufiafiawo kple asidada ɖe ame dzi kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ƒe gɔme anyi o. 3Eye míawo esia, ne Mawu ɖe mo. 4Elabena amesiwo me woklẽ ɖo kpɔ, eye woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wozu Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe gomekpɔlawo, 5eye woɖo Mawu ƒe nyanyuie kple xexeme, si le vava ge ƒe ŋusẽwo kpɔ, 6eye wogade megbe la, esẽ na wo bena, woagawo wo yeye hena dzimetɔtrɔ, le esi wogaklã Mawuvi la ɖe atitsoga ŋu na wo ɖokui, eye wona wodo ŋukpee la ta. 7Elabena anyigba, si noa tsi, si dzana ɖe edzi agbadre, eye wòmiea amagbe, si nyo na amesiwo ŋlɔe la, xea yayra tsoa Mawu gbɔ; 8ke ne emie ŋuwo kple srẽwo la, ezu vlo, eye wòtso ɖe fiƒode gbɔ, esi ƒe nuwuwu nye fiafiã.
Nuxɔxɔ le dziɖoɖo ɖe ŋugbedodo la ŋu ŋuti.
9Ke, lɔlɔ̃tɔwo, miekpɔ kakaɖedzi le mia ŋuti be, miaƒe nya anyo awu, eye wòate ɖe xɔxɔ ŋu, wònye míeƒo nu alea hafi. 10Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o. 11Ke míele didim vevie bena, mia dome amesiame naɖe veviedodo ma ke afia le mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo vaseɖe nuwuwu la ŋuti, 12bene míagazu kuviatɔwo o; ke boŋ mizu amesiwo toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la, srɔ̃lawo. 13Elabena esime Mawu na ŋugbedodo Abraham la, le esi amea ɖeke megalolo de enu, ne wòatà o ŋuti la, età ye ŋutɔ ɖokui 14hegblɔ be: „Vavã matsɔ yayra ayra wò, eye mana tawò nasɔ gbɔ fũ.“ 15Eye esi wòdo dzi gbɔ dzi ɖi blewu la, eƒe asi su ŋugbedodo la dzi. 16Amewo taa amesiwo lolo gawu, eye nutata enye kpeɖoɖodzi hena woƒe nyaʋiʋli katã ƒe nuwuwu. 17Eyata esi Mawu lɔ̃ be, yeaɖe yeƒe adaŋudede ƒe limaɖɔmaɖɔ afia ŋugbedodo ƒe domenyilawo kɔte wu la, etso nutàta heɖo kpe edzi, 18bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe; 19eye mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ, eye wòyina ɖe xɔmetsovɔ ƒe emelɔƒo la ene, 20afisi Yesu yi ɖo le mía ta abe ŋgɔnɔla ene, amesi va zu nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu yi ɖe mavɔmavɔ me.
Currently Selected:
Hebritɔwo 6: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.