Hebritɔwo 5
5
Kristo, si nye nunɔlagã vavã la, ƒo Aron ta.
1Elabena nunɔlagã sia nunɔlagã, si wotsɔ tso amewo dome la, woɖoe anyi le amewo ta le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòatsɔ nunanawo kple numemewo ana le nuvɔ̃wo ta, 2amesi ate ŋu ave ame manyanuwo kple mɔtrelawo nu, esi gbɔdzɔgbɔdzɔ le eya ŋutɔ hã ŋuti la ta, 3eye esia ta wòle nɛ bena, abe alesi wòsa vɔ ɖe dukɔ ta ene la, nenema ke wòasa vɔ ɖe ye ŋutɔ ɖokui hã ta le nuvɔ̃wo ŋuti.
4Eye amea ɖeke metsɔ bubu sia na eɖokui o, ke boŋ Mawu yɔnɛ abe Aron ene. 5Nenema ke Kristo hã metsɔ ŋutikɔkɔe na eɖokui, bene wòanye nunɔlagã o: ke boŋ amesi gblɔ ne bena: „Vinye nènye, egbea medzi wò“ lae: 6abe alesi wogblɔ le afi bubua ɖe hã ene bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“ 7Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti; 8eye wònye Vi wònye hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wokpe la me; 9eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe, 10amesi Mawu yɔ be nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.
11Nusiawo ŋutie nya geɖe le mía si be, míagblɔ, eye wo gɔmeɖeɖefia nye do, le esi míenye kuviatɔwo le nyasese me la ŋuti. 12Elabena ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu; gake egahiã mí be, woagafia nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo mi, eye míezu abe amesiwo gahiã notsi ko, eye menye nuɖuɖu sesẽ o la ene. 13Elabena amesiame, si nɔa notsi nom la, menya naneke le dzɔdzɔenyenye ƒe nya ŋuti o; elabena vidzie ko wònye. 14Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.
Currently Selected:
Hebritɔwo 5: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.