Hebritɔwo 4
4
Dzudzɔ vavãa ɖe gali na Mawu ƒe dukɔ la to Kristo me.
1Eyata esi eƒe dzudzɔ me yiyi ŋugbedodo gali na mi ŋutilã, minɛ miavɔ̃, bene woagakpɔ mía dome amea ɖeke be, etsi eŋuti o 2Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o. 3Eyata mí amesiwo xɔe se la, míayi ɖe dzudzɔ ma me, abe alesi wògblɔ ene bena: „Abe alesi meka atam le nye dziku me ene bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ;“ wònye wowu dɔwɔwɔwo nu tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me hafi. 4Elabena egblɔ le afia ɖe le ŋkeke adrelia ŋuti bena: „Eye Mawu dzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi tso eƒe dɔwɔwɔwo katã me.“ 5Eye wògagblɔ le afisia bena: „Ne woahade nye dzudzɔ la me fi!“ 6Eyata esi wòsusɔ bena, amea ɖewo nayi ɖe eme, eye amesiwo wogblɔ nyanyuie la fia gbã la, meyi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti la, 7egaɖo ŋkekea ɖe le Dawid nu le ɣeyiɣi sia megbe bena: „Egbegbe,“ abe alesi wogblɔ ɖi ene bena: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime o.“ 8Elabena ɖe Yosua kplɔ wo yi ɖe dzudzɔ me la, anye ne megaƒo nu emegbe la le ŋkeke bubua ɖe ŋuti o. 9Eyaŋuti Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la. 10Elabena amesi yi ɖe eƒe dzudzu me la, eya hã dzudzɔ tso eƒe dɔwɔwɔwo me, abe alesi Mawu dzudzɔ tso etowo me la ene.
11Azɔ minɛ miado vevie, bene míayi ɖe dzudzɔ ma me, bene amea ɖeke nagadze tosesẽ ma ke tɔgbea ɖeke me o. 12Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la; 13eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!
14Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe. 15Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o. 16Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.
Currently Selected:
Hebritɔwo 4: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.