Hebritɔwo 9
9
Nubabla xoxo la ƒe agbadɔ kple vɔsasa wonye kpɔɖeŋu na avuléle to Yesu ƒe avulẽku me.
1Azɔ la mawusubɔsubɔ ƒe nuɖoanyiwo kple anyigba dzi kɔkɔeƒe li na nubabla gbãtɔ hã. 2Elabena wotu agbadɔ ŋgɔgbetɔ, si me akaɖiti kple kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔna, si woyɔna be kɔkɔeƒe. 3Ke le xɔmetsovɔ evelia megbe la agbadɔ, si woyɔna be kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la li, 4esi me sikadzudzɔmlekpui kple nubablaɖaka, si ŋu wofa sika ɖo kpe ɖo la le, eye eya me sikaze, si me mana le kple Aron ƒe atikplɔ, si ƒo se, kple nubabla ƒe nuŋlɔkpeawo le. 5Ke le aɖaka dzi la ŋutikɔkɔe ƒe Kerubiwo li, siwo xe nutsyɔnu la dzi; nusiawo ŋuti nya míate ŋu agblɔ le wo tɔxɛ wo tɔxɛ fifia o. 6Ke esi wodzra nusiawo ɖo alea vɔ la, nunɔlawo nɔa agbadɔ ŋgɔgbetɔ me yim ɖaa ɖawɔa mawusubɔsubɔ. 7Ke agbadɔ evelia la, nunɔlagã la koe dea eme, ƒe ɖeka zi ɖeka, eye meɖena ʋu, si woatsɔ ana ɖe ye ŋutɔ kple dukɔ la ƒe numanyamanya ta la, matsɔmatsɔe o; 8eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖe esia fia bena, womeʋu mɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me haɖe o, ŋkeke alesi agbadɔ ŋgɔgbetɔ la gali ko, 9esi nye lododo na ɣeyiɣi, si gali fifi, esi me wotsoa nunana kple vɔsasa, siwo mate ŋu awɔ amesiwo le Mawu subɔm la blibo le dzitsinya nu o la, nana lena; 10nusiawo katã hekpe ɖe nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple tsilele bubu ƒomeviwo ŋuti la wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi. 11Ke Kristo va nye nu nyui, siwo le vava ge la ƒe nunɔlagã, eye wòto agbadɔ, si nye gãtɔ kple blibotɔ wu, si wometsɔ asi wɔe o, eye metso xexe sia me o la me, 12eye metsɔ gbɔ̃tsu wo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo kalẽ nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ. 13Elabena ne gbɔ̃tsuwo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyinɔ ƒe afi, si wowu ɖe ame makɔmakɔwo ŋu la, kɔ wo ŋuti hena ŋutilã ƒe kɔkɔenyenye la, 14geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?
15Eye le esia ta wònye nubabla yeye ƒe avuléla, bena le esi wòku le xoxo tso vodada, siwo le nubabla gbãtɔ me ŋuti ta la, amesiwo woyɔ la, naxa domenyinyi mavɔ ƒe ŋugbedodo. 16Elabena afisi megbenyagbɔgblɔɖi le la, ele vevie be, amesi gblɔe ɖi la, naku hafi. 17Elabena amewo ƒe ku ɖoa kpe megbenyagbɔgblɔɖi dzi; elabena ŋkeke alesi amesi gblɔe ɖi la, gale agbe la, ŋusẽa ɖeke menoa eme o. 18Eyata esi wokɔ nubabla gbãtɔ ŋu la, womegbe ʋutsɔtsɔ kpe ɖe eŋu o. 19Elabena esime Mose gblɔ sedede sia sedede na dukɔ blibo la le sea nu la, etso nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu hekpe ɖe tsi kple alẽfu dzi kple isop ŋu, eye wòwui ɖe agbalẽ la ŋutɔ kple dukɔ la katã ŋu 20hegblɔ be: „Esiae nye nubabla ƒe ʋu, si ƒe se Mawu de na mi.“ 21Eye nenema ke wòtsɔ ʋu la wu ɖe agbadɔ kple mawusubɔnuawo katã ŋu. 22Eye mate ŋu agblɔ kloe bena, wotso ʋu klo nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃kekea ɖeke manɔ anyi o.
23Eyata ele vevie bena, woatsɔ nusiawo akɔ nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu la ŋuti; ke dziƒonuawo ŋutɔ la wotsɔ vɔsasa, siwo nyo wu esiawo la, ko wo ŋuti. 24Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta; 25eye menye bena, wòatsɔ eɖokui ano nanam agbadre, abe alesi nunɔlagã tsɔa lãʋu yina ɖe kɔkɔeƒe la me ƒe sia ƒe ene o; 26ɖe wònye nenema wòle la, ekem ele nɛ be, wòakpe fu agbadre tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me ke; gake azɔ la eɖe eɖokui fia zi ɖeka le xexeame ƒe nuwuwu, bena wòaɖe nuvɔ̃wo ɖa to eɖokuitsɔtsɔ savɔe me. 27Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la, 28nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.
Currently Selected:
Hebritɔwo 9: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.