YouVersion Logo
Search Icon

Hebritɔwo 3

3
Kristo ƒo Mose ta, eyata woahe to na amesi ade megbe tso Kristo gbɔ awu.
1Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti, 2amesi nye nuteƒewɔla na amesi ɖoe, abe alesi Mose hã nye nuteƒewɔla le eƒe aƒe blibo la katã me ene. 3Elabena zi geɖe alesi amesi dzra aƒe ɖo la kpɔa bubu gã wu aƒea la, zi geɖe ma ke wobu eyama be, edze ŋutikɔkɔe gã xɔxɔ wu Mose. 4Elabena aƒe sia aƒe la amee dzranɛ ɖo; ke amesi dzraa nuwo katã ɖo la, eyae nye Mawu. 5Eye Mose la nye nuteƒewɔla le eƒe aƒe blibo la katã me abe subɔla ene, bene wòaɖi ɖase le nusiwo woava gblɔ la ŋuti; 6ke Kristo la nye nuteƒewɔla abe Vi ene le eƒe aƒe dzi; amesi ƒe aƒe míawo míenye, nenye be, mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ ƒe adegbeƒoƒo ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu.
7Eyaŋuti abe alesi Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ene be: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, 8migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me le tetekpɔ ƒe ŋkeke la dzi le gbeadzi ene o, 9esime mia fofowo tem kpɔ, eye woɖom kpɔ, eye wokpɔ nye dɔwɔwɔwo ƒe blane sɔŋ. 10Eyata nenem dzidzime sia ƒe nu ku dzi nam, eye megblɔ be: Ɖaasi woƒe dzi tra mɔ; ke womenya nye mɔwo o. 11Eyata meka atam le nye dziku me bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ!“ 12Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o, 13ke mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbesiagbe boŋ, ŋkeke alesi woyɔ egbegbe, bene nuvɔ̃ ƒe beble nagasẽ mia dometɔa ɖeke ƒe dzime o. 14Elabena míezu Kristo ƒe gomekpɔlawo, nenye be, míalé miaƒe dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu la. 15Esime wògblɔ be: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me ene o!“ 16Elabena amekawoe see, eye wòve dome na wo mahã? Alo menye wo katãe, amesiwo Mose kplɔ do go tso Egipte la o mahã? 17Ke amekawo ƒe nue ku dzi ne ƒe blane sɔŋ mahã? Alo menye amesiwo wɔ nuvɔ̃, amesiwo ƒe ƒu kotsoewo tsi gbedzi lae o ɖe? 18Ke amekawo wòka atam na bena, ne woahade yeƒe dzudzɔ la me fĩ? Ɖe menye na tosẽlawo o mahã? 19Eye míekpɔ bena, womete ŋu yi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti!

Currently Selected:

Hebritɔwo 3: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in