YouVersion Logo
Search Icon

Hebritɔwo 2

2
Toɖoɖo Kristo ƒe nya.
1Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o. 2Elabena ne nya, si wogblɔ ɖi to mawudɔlawo dzi la, li dzi sesĩe, eye vodada sia vodada kple tosesẽ sia tosesẽ kpɔ eŋuti fetu vɔ̃, si dze la, 3aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi, 4eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.
Kristo to fukpekpe me heyi ɖe ŋutikɔkɔe me.
5Elabena metsɔ xexeme, si le vava ge, si ŋuti míeƒoa nu lena la, de mawudɔlawo ƒe ŋusẽ te o. 6Ke amea ɖe ɖi ɖase kɔte le afia ɖe bena: „Nukae nye amegbetɔ bena, nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi be, nèléa ŋku ɖe eŋu? 7Ebɔbɔe ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo; ŋutikɔkɔe kple bubu nètso ɖɔ nɛ, eye nètsɔe ɖo wò asinudɔwɔwɔwo katã nu, 8nuwo katã nètsɔ de eƒe afɔ te.“ Elabena le nuwo katã tsɔtsɔ de eƒe afɔ te me la naneke mesusɔ ɖi, si wometsɔ de ete o; gake azɔ la míekpɔ haɖe ke bena, wotsɔ nuwo katã de ete o. 9Gake miekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wotsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me. 10Elabena amesi ta nuwo katã ti ɖo, amesi me nuwo katã to va, amesi kplɔ vi geɖewo yi ɖe ŋutikɔkɔe me la, edzee bena, woawɔ wo xɔxɔ ƒe fia la blibo to fukpekpewo me. 11Elabena amesi kɔa amewo ŋuti kple amesiwo ŋuti wokɔ la, wo katã dzɔ tso ame ɖeka me, eyata ŋu mekpee be, wòayɔ wo be nɔviwo o: 12esime wògblɔ bena: „Matsɔ wò ŋkɔ aɖe gbe ƒã na nɔvinyewo, le hame la titina madzi ha akafu wò.“ 13Eye wògagblɔ be: „Matsɔ nye ŋuɖoɖo aɖo edzi.“ Eye wògagblɔ be: „Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Mawu tso nam la, enye esi.“
14Azɔ alesi viawo kpɔ ʋu kple ŋutilã ƒe gome la, nenema ke eya hã kpɔ ekemawo ƒe gome, bene wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la, 15eye woade amesiwo katã nɔ kluvinyenye me to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbenɔɣiwo katã me la. 16Elabena vavã, menye mawudɔlawo wòva xɔxɔ ge na o, ke boŋ Abraham ƒome wòva xɔxɔ ge na. 17Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta. 18Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.

Currently Selected:

Hebritɔwo 2: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in