YouVersion Logo
Search Icon

Hebritɔwo 11

11
Xɔse kple eƒe ŋusẽ. Nubabla xoxo me xɔsetɔwo ƒe kpɔɖeŋu.
1Ke xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi. 2Elabena eya me blematɔwo kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le. 3Le xɔse me míedze sii be, wotsɔ Mawu ƒe nya dzra xexeame ɖo, bena nusiwo wokpɔna la, metso nusiwo dzena le ŋku me la me o.
4Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti, eye le eya me, esi wòku hã la, egale nu ƒom. 5Le xɔse me wotsɔ Henox yii, bene magakpɔ ku o, eye womegakpɔe o; elabena Mawu tsɔe yii, elabena hafi woatsɔe ayii la, wodi ɖase nɛ bena, edze Mawu ŋu nyuie. 6Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke fena va Mawu gbɔ ta, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie. 7Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.
8Le xɔse me Abraham ɖo to, esime wòyɔe be, wòado go ayi ɖe afisi wòava xɔ wòanye eƒe domenyinyi la, eye wòdo go; gake menya afisi yim wòle o. 9Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye eya kple Isak kpakple Yakob, amesiwo nye ŋugbedodo kema ke ƒe hadomenyilawo la, wonɔ agbadɔwo me; 10elabena ekpɔ mɔ na du, si gɔmeɖoɖoanyi li na, esi ƒe aɖaŋuwɔla kple tula enye Mawu. 11Le xɔse me Sara ke hã kpɔ ŋusẽ bena, wòfɔ fu, eye wòdzi vi le eƒe nyagãkuku me; elabena ebu amesi na ŋugbedodoe la nuteƒewɔlae. 12Eyata tso ame ɖeka, si ƒe vidzidɔ ku la me, dzidzime va dzɔ sɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ƒe agbɔsɔsɔ ene, eye abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ o la ene.
13Le xɔse me amesiawo katã woku, eye woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o, ke wokpɔe, eye wodo ɖoaƒe nɛ le adzɔge, eye woʋu me be, yewonye amedzrowo kple nunɔlawo le anyigba la dzi. 14Ke amesiwo gblɔ esia la, ɖee fia be, yewole ɖenyigbaa ɖe dim vevie. 15Eye vavã, nenye anyigba, si dzi wodo tso wowɔnɛ la, anye ne wokpɔ vovo gbugbɔ yi. 16Ke azɔ la denyigba, si nyo wu la, le wo dzrom, esia nye dziƒo tɔ. Eyata ŋu mekpe Mawu le wo ŋuti be, wòyɔe be woƒe Mawu o; elabena edzra du ɖo na wo.
17Le xɔse me Abraham tso Isak na, esime wotee kpɔ, eye eya, amesi xɔ ŋugbedodo la, tso eƒe tenuvi na, 18amesi wogblɔ na be: „Le Isak me woayɔ ƒome a tsoe na wò;“ 19elabena esusu bena, ŋusẽ le Mawu si be, wòafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke hã; eyaŋuti wògaxɔe le tsɔtsɔna sia ta. 20Le xɔse me Isak yra Yakob kple Esau le nusiwo le vava ge la ŋuti. 21Le xɔse me Yakob, esime wòle kukum la, eyra Yosef ƒe ŋutsuviawo kple eve, eye wòziɔ ɖe eƒe atitɔɖeŋu dzi hedo gbe ɖa. 22Le xɔse me esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, eɖo ŋku Israel-viwo ƒe gododo dzi, eye wòde se le eƒe ƒuwo ŋuti.
23Le xɔse me, esime wodzi Mose la, eƒe dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃; elabena wokpɔ be, enye vi dzeɖekɛ, eye womevɔ̃ fia ƒe sedede o. 24Le xɔse me, esi Mose tsi la, egbe be, womegayɔ ye be Farao ƒe vinyɔnuvi la vi o; 25elabena elɔ̃ be, yeakpe fu akpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋuti wu esi yeakpɔ nuvɔ̃ ƒe vivisese le ɣeyiɣi via ɖe ko me, 26eye wobu ŋukpe, si wodo Kristo la, kesinɔnu wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo; elabena ekpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa. 27Le xɔse me wògblẽ Egipte ɖi, eye meva fia ƒe dɔmedzoe la o; elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene. 28Le xɔse me wòɖo ŋutitoto kple ʋuhehlẽ anyi, bena ŋgɔgbeviawo wula la nagaka asi wo ŋu o. 29Le xɔse me woto Ƒudzie la me abe anyigba ƒuƒui dzi ene, nusi wɔwɔ Egiptetɔwo hã te kpɔ, eye woku ɖe tsi la me. 30Le xɔse me Yerixo ŋu gliwo mu dze anyi, esime woƒo xlãe ŋkeke adre megbe. 31Le xɔse me Raxab, gbolo la, metsrɔ̃ kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o, le esi wòxɔ ŋkutsalawo le ŋutifafa me la ta.
32Eye nuka míagagblɔ mahã? Elabena ɣeyiɣi la made nam be, magblɔ nya le Gideon, Barak, Simson, Yefla, Dawid, Samuel kple nyagblɔɖilawo ŋuti o, 33amesiwo ɖu fiaɖuƒewo dzi to xɔse me, wowɔ dzɔdzɔenyenyedɔwo, woxɔ ŋugbedodowo, womiã nu na dzatawo, 34wotsi dzo ƒe ŋusẽ nu, wòsi le yi nu, wogazu sesĩe tso gbɔdzɔgbɔdzɔ me, wosẽ ŋu le aʋawɔwɔ me, eye wòsi futɔwo ƒe aʋakɔwo. 35Nyɔnuwo xɔ woƒe ame kukuwo agbagbe le tsitretsitsi me. Ke wowɔ tu ame bubuwo, eye wogbe xɔxɔ, bene woakpɔ tsitretsitsi, si nyo wu; 36ke ame bubuwo la woto fewuɖuɖu kple ƒoƒo ƒe dodokpɔ me, ke gawu la bablawo kple gaxɔ me nɔnɔ me; 37woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa, wote wo kpɔ, wowu wo kple yi, wonɔa tsatsam le alẽgbalẽwo kple gbɔ̃gbalẽwo me, le koɖoɖo, xaxa kple fukpekpe me, 38amesiwo xexeame medzena kura o la, wotra mɔ henɔ tsatsam le gbedziwo kple towo kple agadowo kple anyigba ʋewo me. 39Eye amesiawo katã la, wònye woxɔ ɖaseɖiɖi nyui to xɔse me hafi, gake woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o; 40elabena Mawu kpɔ nua ɖe, si nyo wu la, da ɖi na mí, bena womagawɔ wo blibo miawo mia eme manɔmanɔ o.

Currently Selected:

Hebritɔwo 11: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in