Le xɔse me, esi Mose tsi la, egbe be, womegayɔ ye be Farao ƒe vinyɔnuvi la vi o; elabena elɔ̃ be, yeakpe fu akpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋuti wu esi yeakpɔ nuvɔ̃ ƒe vivisese le ɣeyiɣi via ɖe ko me, eye wobu ŋukpe, si wodo Kristo la, kesinɔnu wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo; elabena ekpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa. Le xɔse me wògblẽ Egipte ɖi, eye meva fia ƒe dɔmedzoe la o; elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.