Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi, eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.