Hebritɔwo 12
12
Migbɔ dzi ɖi, eye misro Mawu ɖa le Yesu ta.
1Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi, 2eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me. 3Mibu amesi ɖo dzi kpe nuvɔ̃wɔlawo ƒe ɖeklemiɖeɖe na ye ŋutɔ la ŋu, bena ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le mia luʋɔwo me o.
4Le aʋawɔwɔ kple nuvɔ̃ me la miekpɔ tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o; 5eye mieŋlɔ nuxɔxlɔ̃, si ƒoa nu na mi abe viwo ene la be, eyae nye be: „Vinye, megado vlo Aƒetɔ ƒe tohehe o, eye dzi nagaɖe le ƒowò, ne eka ŋku me na wò o; 6elabena amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na, eye wòƒoa vi sia vi, si woxɔna la, kple atam.“ 7Ne miedo dzi le tohehe me la, Mawu awɔ ɖe mia ŋu abe viwo ene; elabena vi kae li, si fofoa mehea to nɛ o mahã? 8Ke ne mimekpɔ tohehe, si gomekpɔlawo wo katã wonye o la, ekema ahasiviwo míenye, eye menye vi vavãwo míenye o. 9Gakpe ɖe esia ŋuti la mia ŋutilã me fofo, siwo nɔ mía si la, he mí, eye miesi wo ɖa; ɖe míaɖo to gbɔgbɔwo ƒe Fofo la boŋ geɖe awu, eye mianɔ agbe o mahã? 10Woamawo he to na mí ŋkeke ʋeea ɖewo ko, le alesi wobu be, enyo la nu, ke eya la hea to na mí le miaƒe nyonyo ta, bene míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me. 11Ke le fifi ɣeyiɣi me la miebua tohehe kalẽ dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.
Misro Mawu ɖa le dziƒo Yerusalem ta.
12Eyata migado ŋusẽ asi, siwo wɔ gblɔdɔɔ, kple klo, siwo me tu la, 13eye miɖe mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo, bena xɔdrɔ̃ la nagatre mɔ o, ke boŋ woada gbe le eŋu. 14Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o. 15Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagade megbe tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, bena veve ƒe ke nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖe o, 16bena amea ɖeke maganye ahasiwɔla alo ahɔhlɔ̃bɔla abe Esau, amesi tsɔ ye ŋutɔ ƒe ŋgɔgbedzidzi ƒle le nuɖuɖu zi ɖeka ta la ene o. 17Elabena mienyae bena, emegbe hã, esime wòdi be, yeanyi yayra ƒe dome la, wotee; elabena mekpɔ tametɔtrɔ ƒe mɔnu o, wònye etsɔ aɖatsiwo dii vevie hafi.
18Elabena menye to, si ŋu woate ŋu aka asii kple dzo bibi kple alilikpo dodo kple viviti kple ahom 19kple kpẽ ƒe ɖiɖi kple nyawo ƒe ɖiɖi, si eselawo gbe bena, womagagblɔ na yewo o la, ŋu miete va o. — 20Elabena womete ŋu nɔ te ɖe sedede la nu o: Ne lã hã ka ŋu toa la, woaƒu kpee; 21eye ale ɖeɖetia la nye ŋɔdzinu gã ŋutɔ bena, Mose gblɔ be: Mele vɔvɔ̃m, eye mele dzodzom nyanyanya. — 22Ke Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem kple mawudɔla akpeakpewo ƒe takpekpe 23kple ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame kple ʋɔnudrɔ̃la, si nye wo katã ƒe Mawu kple ame dzɔdzɔe, siwo wowɔ blibo la, ƒe gbɔgbɔwo, 24kple Yesu, si nye nubabla yeye la ƒe avuléla kple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel to la, gbɔ míete va.
25Mikpɔ nyuie, bena miagagbe amesi le nu ƒom na mi la o; elabena ne ame mawo, esi wogbe amesi gblɔ nya fia wo le anyigba dzi la, eye womete ŋu si le enu o la, geɖe wu miawo míate ŋu asi o, ne mietrɔ tso amesi ɖe eɖokui fia tso dziƒo la gbɔ; 26amesi ƒe gbe ʋuʋu anyigba la le ɣemaɣi me; ke azɔ la eɖo ŋugbe gblɔ be: „Esusɔ zi ɖeka, eye menye anyigba ɖeɖeko maʋuʋu o, ke boŋ dziƒo hãe.“ 27Ke „zi ɖeka“ sia, si wògblɔ la, fia nusiwo woʋuʋu la ɖeɖeɖa, abe nusiwo wowɔ, bena nusiwo womeʋuʋu o la, nanɔ anyi ene. 28Eyata esi míexɔ fiaɖuƒe, si meʋuʋuna o la, mina míada akpedada, si me miato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evovo ŋuti. 29Elabena mía Mawu hã nye dzo, si fiãa nu.
Currently Selected:
Hebritɔwo 12: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.