YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 24

24
Isak ɖe Rebeka.
1Eye Abraham tsi xɔ ƒe geɖe, eye Yehowa yra Abraham le nuwo katã me. 2Eye Abraham gblɔ na eƒe dɔla tsitsitɔ, si kpɔa eƒe nuwo katã dzi bena. Tsɔ wò asi ɖo nye ali me, 3eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o; 4ke boŋ nayi mía denyigba dzi kple ƒonyemeawo gbɔ, eye naɖe srɔ̃ na vinye Isak! 5Dɔla la ɖo ŋu ne bena: Evɔ, ne nyɔnua mehelɔ̃ be, yeakplɔm ɖo ava anyigba sia dzi o la, ɖe magbugbɔ viwò la ayi ɖe anyigba, si dzi neʋu tso la dzii mahã? 6Abraham gblɔ nɛ bena: Kpɔ nyuie, bena nagagbugbɔ vinye la ayi afimae o! 7Yehowa, dziƒo Mawu, si ɖem tso fofonye ƒe me kple mia denyigba dzi, amesi ƒo nu kplim, eye wòka atam nam bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana la, adɔ eƒe ɖɔla ɖe ŋgɔwò, be naɖe srɔ̃ na vinye la tso afima 8Eye ne nyɔnua melɔ̃ be, yeakpɔ wò ɖo o la, ekema menye wòe tu nye atam sia o; ɖeko megakpɔ vinye la yi afimae gbeɖe o! 9Eye dɔla la tsɔ eƒe asi ɖo eƒe aƒetɔ Abraham ƒe ali me, eye wòka atam nɛ ɖe nya sia dzi. 10Tete dɔla la ɖe kposɔ ewo tso eƒe aƒetɔ ƒe kposɔwo dome, eye wotsɔ eƒe aƒetɔ ƒe nu vevi vovovowo ɖe asi, eye wòdze mɔ heyi Mesopotamia, ɖe Naxor ƒe ɖu la me. 11Le fiẽ, le nyɔnuwo ƒe tɔmedeɣi la, ena kposɔawo tsyɔ akɔ anyi ɖe dua xa le ʋudoa ɖe to. 12Eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Yehowa, ye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Meɖe kuku, na wòadze edzi nam egbea, eye nave nye aƒetɔ Abraham nu! 13Kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to, eye ne dua me nyɔnuviwo va tsi du ge, 14eye ava me be, nyɔnuvia ɖe ava, amesi magblɔ na bena: Na tsim mano, eye woaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã nano lã, ekema eyae nye nyɔnu, si nèɖo ɖi na wò ɖɔla Isak, eye eya me madze sii le be, eve nye aƒetɔ nu! 15Ke esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, kpɔ ɖa, Abraham nɔvi Naxor srɔ̃ Milka vi, Betuel ƒe vinyɔnuvi Rebeka lé ze ɖe abɔta va tsi du ge. 16Eye nyɔnuvi la dze tugbe ŋutɔ, ɖetugbi, si ŋutsua ɖeke mede asi eŋu kpɔ o la wònye, eye wòyi ɖe vudoa me ɖaku tsi ɖe eƒe ze la me, eye wògado go. 17Tete dɔla la ƒu du yi ɖakpee gblɔ bena: Meɖe kuku na wò, na tsi via ɖem mano! 18Eye wògblɔ bena: Amegã, anoe. Enumake wòdro ze la ɖi, eye wònae wono. 19Esi wòɖi kɔ la, nyɔnuvi la gblɔ nɛ bena: Madui na wò kposɔwo hã, vaseɖe esime woaɖi kɔ na wo. 20Enumake wòkɔ tsia ɖe lãto la me, eye wògaƒu du yi vudoa me ɖadu tsi la, eye woɖu tsi na eƒe kposɔwo katã. 21Ke ŋutsu la zi kpi le ekpɔm dũ, ne yeadze sii be, ɖe Yehowa na yeƒe mɔzɔzɔ dze dzi loo, alo medze edzi o. 22Esi kposɔwo ɖi kɔ la, ŋutsu la tsɔ sikaŋɔtigɛ, si da sekel afã, kple alɔnugɛ eve, siwo da sekel ewo la, do nɛ. 23Eye wògblɔ nɛ bena: Ameka vi nènyea? Meɖe kuku, gblɔe nam, ɖe dzeƒe le fofowò ƒe mea? 24Eɖo ŋu ne bena: Betuel, Milka vi, si wòdzi na Naxor la vinyɔnu menye. 25Eye wògagblɔ nɛ bena: Aƒla kple gbe le mia si lu, eye dzeƒe hã li. 26Eye ŋutsu la dze klo na Yehowa hetsyɔ mo anyi 27gblɔ bena: Woakafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, amesi meŋlɔ nye aƒetɔ be le enu veve kple nuteƒewɔwɔ nɛ me o la. Elabena Yehowa fia mɔm, eye wòkplɔm va nye aƒetɔ nɔviwo gbɔe. 28Ke nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, be woaɖagblɔ nya siawo na dadaa.
29Ke nɔviŋutsu le Rebeka si, eŋkɔ nye Laban. Esi wòkpɔ ŋɔ tigɛ kple alɔnugɛ le nɔvia ŋu eye wose Rebeka ƒe nya bena ale kple ale ŋutsua gblɔ nam enye si la, 30Laban ƒu du yi ŋutsua, si gale kposɔwo gbɔ le vudoa to ko la gbɔ. 31Tete wògblɔ bena: Va, wò amesi Yehowa yra! Nukaŋuti nètsi dugbɔ dzi? Medzra xɔ me ɖo, eye teƒe hã li na kposɔwo. 32Eye esi wòkplɔ ŋutsua va aƒe me la, eɖe akpa na kposɔawo, eye wòtsɔ aƒla kple gbe ve na kposɔawo; emegbe la eku tsi vɛ na ŋutsua kple amesiwo katã kpe ɖe eŋuti la, bena woaklɔ woƒe afɔwo. 33Ke esi wotsɔ nuɖuɖu ɖo ekɔme la, egblɔ bena: Nyemaɖu nu haɖe o, negbe ɖeko magblɔ nya, si mehe vɛ la hafi! Woɖo ŋu be: Gblɔe faa! 34Eye wògblɔ bena: Abraham ƒe dɔla menye. 35Yehowa yra nye aƒetɔ wòkpɔ nu ŋutɔ, eye wòna alẽwo kple nyiwo, klosalo kple sika, kluviwo kple kosiviwo, kpo-sɔwo kple tedziwoe. 36Eye nye aƒetɔ srɔ̃, Sara, dzi ŋutsuvi nanye aƒetɔ, esime woku nyagã, eye nye aƒetɔ tsɔ eƒe kesinɔnuwo katã na via. 37Eye nye aƒetɔ gblɔ nam, eye wòna meka atam ɖe dzi nɛ bena: Megaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ, siwo ƒe anyigba dzi mele la ƒe nyɔnuviwo dome o; 38ke boŋ yi ɖe fofonye ƒe me, ɖe ƒonyemeawo gbɔ, eye naɖe srɔ̃ na vinye le afima! 39Eye megblɔ na nye aƒetɔ bena: Ne nyɔnu la melɔ̃ be, yeakplɔm ɖo o ɖe? 40Eɖo ŋu nam bena: Yehowa, amesi ƒe ŋku me zɔm mele la, adɔ eƒe dɔla akpe ɖe ŋuwò, bena wò mɔzɔzɔ la nadze edzi na wò, eye naɖe srɔ̃ na vinye atso ƒonyemeawo gbɔ le fofonye ƒe me. 41Ne ava ƒonyemeawo gbɔ, eye womelɔ̃ be, woatsɔe na wò o la, ekema menye wòe tu nye atam la o. 42Esi meva ɖo vudoa to egbea la, medo gbe ɖagblɔ bena: Yehowa, wò nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Ne ana nye azɔli, si dzi mele, nadze edzi nam la, — kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to — 43ekema na bena, nyɔnuvi, si ava tsi ɖu ge, eye magblɔ nɛ bena: Na tsi via ɖem mano, 44eye woaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã la, eya nanye nyɔnu, si Yehowa ɖo ɖi na nye aƒetɔ ƒe vi la! 45Esi nyemekpɔ ɖe nu le nya la me o la, tete Rebeka lé ze ɖe ta vɛ, eye wòyi ɖe vudo la me ɖaku tsi. Eye megblɔ ne bena. Meɖe kuku, na tsim mano! 46Enumake wòdro eƒe ze la ɖi gblɔ bena: Noe, eye mana wò kposɔwo hã. Esi menoe vɔ la, ena kposɔwo hã wono. 47Emegbe mebiae bena: Ameka vi nènyea? Eɖo ŋu bena: Betuel, amesi Milka dzi na Naxor ƒe vi menye, eye metsɔ ŋɔtigɛ kple alɔnugɛ ɖo ne. 48Tete medze klo na Yehowa, eye metsyɔ mo anyi hekafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, si kplɔm nyuie ale, be maɖe nye aƒetɔ nɔvi ƒe vinyɔnu na ye aƒetɔ ƒe vi la. 49Azɔ, ne miedi be, miave nye aƒetɔ nu, eye miaɖi anukware nɛ la, ekema migblɔe nam; ke ne mielɔ̃ o la, migblɔe nam, bena nenye ɖusi me alo mia mee hã, ne maɖo tae.
50Tete Laban kple Betuel wogblɔ bena: Nya sia tso Yehowa gbɔ, eyata míate ŋu agblɔ nya vɔ̃ alo nya nyui ɖe eŋu o. 51Kpo ɖa, Rebeka anye si, ele asiwò me, kplɔe yii, ne wòanye wò aƒetɔ vi la srɔ̃, abe alesi Yehowa gblɔe ene! 52Ke esi Abraham ƒe dɔla se nya siawo la, etsyɔ mo anyi na Yehowa. 53Eye dɔla la ɖe klosalo- kple sikanuwo kple avɔ veviwo na Rebeka, eye wotsɔ akpedanu xɔasiwo na nɔvia kple dadaa. 54Esia megbe la eya kple ŋutsu, siwo kpe ɖe eŋu la, woɖu nu, eye wono nu, eye wotsi dɔ. Ke esi wofɔ ŋdi la, egblɔ bena: Mido mɔm, ne mayi nye aƒetɔ gbɔ! 55Eye nɔvia kple dadaa gblɔ bena: Na nyɔnuvi la nanɔ mía gbɔ ʋee abe ŋkeke ewo ene, emegbe la ayi faa. 56Eɖo ŋu na wo bena: Migasikam ɖi o! Yehowa na nye mɔzɔzɔa dze edzi nam; eyata mido mɔm, ne mayi nye aƒetɔ gbɔ. 57Eye wogblɔ bena: Míayɔ nyɔnuvi la vɛ, bena míabia eya ŋutɔ ase. 58Tete woyɔ Rebeka vɛ, eye wobiae bena: ayi kple ŋutsu sia? Eɖo eŋu bena: E, mayi. 59Eye wodo mɔ wo nɔvi Rebeka kple amesi na noe le ɖevime la, kpe ɖe Abraham ƒe dɔla kple eŋumewo ŋuti. 60Eye woyra Rebeka gblɔ nɛ bena: Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo, eye viwòwo natsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee! 61Esia megbe Rebeka kple eƒe nyɔnudɔlawo ɖe kposɔwo dzi, eye wodze mɔ dze ŋutsu la yome. Ale ŋutsu la kplɔ Rebeka hedzoe. 62Ke Isak gbɔ tso Agbetɔ, si le kpɔyem la ƒe vudo me; elabena enɔ dziehenyigba dzi. 63Gbe ɖeka Isak yi gbe me le fiẽ, be wòado gbe ɖa. Eye esi wòfɔ mo te la, ekpɔ kposɔwo gbɔna ɖa. 64Ke esi Rebeka fɔ kɔ dzi la, ekpɔ Isak ɖa; tete wòɖi le kposɔ la dzi, 65eye wòbia ɖɔla la bena: Ŋutsu ka enye kem le gbe me zɔm gbɔna mía kpe ge? Dɔla la ɖo ŋu nɛ bena: Nye aƒetɔe. Tete wòtsɔ motsyɔnu tsyɔ ŋku me. 66Esia megbe la dɔla la xlẽ nusiwo katã wòwɔ la fia Isak. 67Eye Isak kplɔe yi ɖe dada Sara ƒe agbadɔ me, eye wòɖe Rebeka wòzu srɔ̃a, eye wòlɔnɛ ŋutɔ. Ale Isak ƒe ake fa le dada ƒe ku ŋuti.

Currently Selected:

Mose I 24: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in