YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 25

25
Abraham ɖe srɔ̃ evelia.
1Eye Abraham gaɖe srɔ̃, si ŋkɔ nye Ketura. 2Eya dzi Simran, Yoksan, Medan, Midian, Yisbak kple Suax nɛ. 3Yoksan dzi Seba kple Dedan; eye Asuritɔwo, Letusitɔwo kple Leumitɔwo dzɔ tso Dedan me. 4Eye Midianviwo nye: Efa, Efer, Henox, Abida kple Edaa. Ame siawo katã dzɔ tso Ketura me. 5Eye Abraham tsɔ eƒe nuwo katã na Isak. 6Ke Abraham na nu srɔ̃ bubuawo ƒe viwo heɖe wo ɖa le Isak ŋu, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒenyigba dzi le eya ŋutɔ ƒe agbenɔɣi me.
Abraham ƒe ku kple eɖiɖi.
7Eye ƒe, siwo katã Abraham nɔ agbe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaadre vɔ atɔ̃. 8Ke Abraham ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ tii hafi wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ. 9Eye via Isak kple Ismael woɖii ɖe Maxpela-kpeto la me, le Xititɔ Efron, Zoxarvi ƒe agble, si le Mamre kasa la me. 10Le agble, si Abraham ƒle le Xitiviwo si la me woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo. 11Le Abraham ƒe ku megbe la Mawu yra via Isak. Eye Isak nɔ „Agbetɔ, si le kpɔyem la“ ƒe vudo gbɔ.
Ismael ƒe dzidzimeviwo.
12Esiawo nye Abrahamvi Ismael, amesi Egipte-nyɔnu Hagar, Sara ƒe kosi, dzi na Abraham la ƒe dzidzimeviwo. 13Esiawo nye Ismaelviwo ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomeŋkɔwo nu. Nebayot, Ismael ƒe ŋgɔgbevi, Kedar, Adbeel, Mibsam, 14Misma, Duma, Masa, 15Xadad, Tema, Yetur, Nafis kple Kedma. 16Ame siawo nye Ismaelviwo kple woƒe ŋkɔwo. Fia wuieve le woƒe aƒetsotsowo, agbadɔwo kple woƒe dukɔwo nu. 17Ismael ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blave vɔ adre, eye wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ. 18Eye woƒe nɔƒe tso Xawila vaseɖe Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe heɖo ta Asur ke; ale wɔ womimi wo nɔviwo katã ɖo. Esau kple Yakob. 19Esia nye Abraham vi Isak ƒe dzidzimeŋutinya: Abraham ye dzi Isak. 20Isak xɔ ƒe blane, esime wòɖe Rebeka, si nye Aramtɔ Betuel tso Mesopotamia ƒe vi kple Aramtɔ Laban ƒe nɔvinyɔnu. 21Ke Isak, ƒo koko na Yehowa le srɔ̃a ta, elabena etsi ko. Eye Yehowa ɖo to eƒe kokoƒoƒo la, eye srɔ̃a Rebeka fɔ fu. 22Ke esi ɖeviawo le ŋu ɖom wo nɔewo le eƒe dɔ me la, egblɔ bena: Ne ele alea la, nukaŋuti megale agbe ɖo? Eye wòyi ɖabia Yehowa se. 23Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ! 24Eye esi eƒe vidziɣi ɖo la, wokpɔ bena, venɔviwoe le eƒe do me. 25Esi gbãtɔ do la, eŋuti bia hẽ, eye fu le eŋu kedzekedze, eyata woyɔ eƒe ŋkɔ bena Esau. 26Eyome nɔvia hã do, eye wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi; eyata woyɔ eƒe ŋkɔ bena Yakob. Isak xɔ ƒe blaade, eye wòdzi wo. 27Esi ɖeviawo va tsi la, Esau zu adela, eye wòlɔ̃a gbe me nɔnɔ; ke Yakob enye ame fafa, eye wòlɔ̃a agbadɔ me nɔnɔ. 28Eye Isak lɔ̃a Esau, elabena adelã vivia enu; ke Rebeka ya lɔ̃a Yakob.
Esau dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye.
29Gbe ɖeka Yakob ɖa nu, eye Esau gbɔ tso gbe me, eye dɔ wui ɖi tsi ɖe eŋu. 30Tete Esau gblɔna Yakob bena: Na nu dzia ɖem maɖu, elabena ɖɔ wum ɖi tsi ɖe ŋunye. Eyata woyɔ eƒe ŋkɔ be Edom. 31Yakob ɖo ŋu nɛ be: Tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye ƒle nam gbã gbɔ. 32Tete Esau gblɔ be: Mele kuku ge tso, nuka gɔ̃ ŋgɔgbevinyenye awɔ nam? 33Eye Yakob gblɔ be: Ka atam ƒu dzi nam gbɔ! Tete wòka atam nɛ, eye wòtsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye ƒle na Yakob. 34Eye Yakob tsɔ abolo kple bɔbɔ na Esau. Tete wòɖu nu no nu, eye wòtso dzo. Ale wo, eye Esau do vlo eƒe ŋgɔgbevinyenye enye esi.

Currently Selected:

Mose I 25: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in