YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 23

23
Sara ƒe ku kple eɖiɖi.
1Sara xɔ ƒe alafa ɖeka kple blave vɔ adre; esia nye Sara ƒe agbe me ƒewo. 2Eye Sara ku le Kiryat-Arba, eya nye Xebron le Kanaan-nyigba dzi. Eye Abraham va, be wòafa konyi, eye wòafa avi na Sara. 3Eye Abraham tso le ame kuku la gbɔ, eye wòƒo nu kple Xitiviwo bena: 4Amedzro menye le mia dome, mina ameɖiƒem, bena matsɔ nye ame kuku la aɖi ɖe afima! 5Eye Xitiviwo ɖo ŋu na Abraham bena: 6Amegã, se mía gbe! Mawu ƒe ame ɖoɖoa nenye le mia dome; ɖi wò ame kuku la ɖe míaƒe ame veviwo ɖiƒe. Mía dometɔa ɖeke magbe bena, megaɖi wò ame kukua ɖe eƒe ameɖiƒe o. 7Tete Abraham tsi tre, eye wobɔbɔ na anyigbadzitɔ, siwo nye Xitiviwo, 8eye wòƒo nu kpli wo bena: Ne mielɔ̃ bena, maɖi nye ame kukua la, ekema miɖo tom, eye miɖe kuku na Efron Zoxar-vi nam 9be, wòatsɔ eƒe kpeto Maxpela, si le eƒe agble ƒe nuwuƒe la nam, eye maxe fe ɖe eta blibo, ne wòanye nye ameɖiƒe koŋ le mia dome. 10Ke Efron le Xitiviawo dome Eye Efron Xititɔ la ɖo ŋu na Abraham le Xitiviwo kple amesiwo katã va dua me la ƒe ŋku me bena: 11Nye amegã, ɖo tom! Metsɔ agble lã kple kpeto, si le eme la, ke wò. Le nye dumetɔwo katã ŋku me metsɔe ke wò, ɖi wò ame kuku la ko! 12Tete Abraham bɔbɔ na duametɔwo, 13eye wòɖo ŋu na Efron bena: Mi duameviwo misee! Maxe fe ɖe agble la ta; meɖe kuku na wò, xɔ ga le asinye, be mate ŋu aɖi nye ame kukua ɖe afima! 14Efron ɖo ŋu na Abraham bena: 15Amegã, se nye gbe! Anyigba, si ke xɔ klosalo sekel alafa ene la, nuka wònye le mía kpli wò domee? Ɖi wò ame kukua ko. 16Abraham ɖo to Efron, eye Abraham xlẽ ho, si Efron yɔ le Xitiviawo ŋku me la ne, klosalo sekel alafa ene, ga nyui, si asitsalawo xɔna. 17Ale Efron ƒe agble, si le Maxpela le Mamre kasa, agble la kple kpeto, si le eme, kple ati, siwo katã le agblea me godoo la, 18zu Abraham tɔ le Xitiviawo kple amesiwo katã va dua me la ŋku me. 19Esia megbe la Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto, si le Maxpela-gblea me la me le Mamre kasa; esia enye Hebron le Kanaan-nyigba dzi. 20Ale Xitiviwo ɖe asi le agble la kple kpeto, si le eme la ŋuti na Abraham, be wòanye ameɖiƒe nɛ koŋ.

Currently Selected:

Mose I 23: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in