YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 22

22
Mawu ɖo Abraham kpɔ.
1Le nya siawo megbe la Mawu do Abraham kpɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Abraham! Eɖo ŋu nɛ bena: Nye enye si! 2Eye wògblɔ nɛ bena: Kplɔ Isak, wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o la, yi ɖe Moria-nyigba dzi, eye natsɔe amè nui le afima le vɔsamlekpui dzi le toa ɖe, si mafia wò la dzi! 3Tete Abraham tɔ ŋdi kanya, bia akpa na eƒe tedzi, eye wòkplɔ dɔla eve kple via Isak ɖe asi, eye esi wòdze nake ɖe numemea ŋu la, edze mɔ yi teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la. 4Le ŋkeke etɔ̃agbe la Abraham wu mo dzi kpɔ teƒe la le adzɔge ɖa ʋĩ. 5Tete Abraham gblɔ na dɔlawo bena: Mitsi afisia kple tedzi la; ke mía kple vinye la míayi afime aɖado gbe ɖa, emegbe míagatrɔ ava mia gbɔ. 6Eye Abraham tsɔ numènake la ɖo la na via Isak, ke eya ŋutɔ ɖe dzo, eye wòɖo hɛ asi; ale wo kpakple eve woyi. 7Tete Isak gblɔ na fofoa Abraham bena: Fofonye! Eɖo ŋu ne bena: Nye enye si, vinye! Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, dzo kple nake enye si, ke afika alẽ le miatsɔ ame nui? 8Abraham xɔ edzi bena: Vinye, Mawu ŋutɔ aɖi alẽ miatsɔ amè nui. Eye wo kpakple eve wogayi ŋgɔ. 9Esi woɖo teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòtɔ nakeawo ɖo edzi; emegbe la ebla via Isak, eye wòkɔe mlɔ nake, siwo le vɔsamlekpuia dzi la dzi. 10Eye Abraham do asi ɖa tsɔ hɛ, be yeawu via. 11Tete Yehowa ƒe dɔla yɔe tso dziƒo gblɔ bena: Abraham, Abraham! Eye wòtɔ bena: Nye enye si! 12Eye wògblɔ bena: Megaka asi ɖevi la ŋu o, eye megawɔ nanekee o! Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mete wò tenuvi lam o. 13Tete Abraham fɔ kɔ dzi, eye kpɔ ɖa, agboa ɖe nye ekem, si ƒe dzowo ku aveka le emegbe, eye Abraham yi ɖalé agbo la hetsɔ mè nui ɖe via teƒe. 14Eye Abraham yɔ teƒe ma bena: Afisi Yehowa ɖe eɖokui fia le. Eyata wogblɔna vaseɖe egbegbe bena: Le to dzi, afisi Yehowa ɖea eɖokui fiana le.
Mawu ɖo kpe ŋugbedodo la dzi.
15Eye Yehowa ƒe dɔla gayɔ Abraham zi evelia tso dziƒo 16hegblɔ bena: Mefa ɖokuinye, elabena esi nèwɔ nu sia, eye mete wò tenuvi ɖeka lam o la, 17eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee. 18To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe. 19Emegbe Abraham gatrɔ va eƒe dɔlawo gbɔ, eye wodze mɔ yi Beer-Seba, eye Abraham nɔ Beer-Seba.
Nahor ƒe dzidzimeviwo.
20Le nya siawo megbe la Abraham se bena, Milka hã dzi ŋutsuviwo na nɔvia Naxor. 21Woƒe ŋkɔwo nye: Uz, eƒe ŋgɔgbevi, kple nɔvia Bus, Kemuel, amesi me Aramtɔwo dzɔ tso, 22Kesed, Haso, Pildas, Yidlaf kple Betuel. 23Eye Betuel dzi Rebeka. Ame enyi siawo Milka dzi na Naxor, Abraham nɔvi. 24Eye srɔ̃ evelia ŋkɔ nye Rehuma, eya hã dzi Tebax, Gaham, Tahas kple Maxa nɛ.

Currently Selected:

Mose I 22: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in