Yohanes I 5
5
Xɔse, si ɖu xexeame dzi.
1Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã. 2Ne míelɔ̃a Mawu, eye mieléa eƒe seawo me ɖe asi la, esia me míedze sii le bena, míelɔ̃a mawuviwo. 3Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o. 4Elabena nusianu, si wodzi tso Mawu me la, ɖua xexeame dzi, eye dziɖuɖu, si ɖu xexeame dzi la, eyae nye míaƒe xɔse. 5Amekae nye amesi ɖua xexeame dzi, ne menye amesi xɔnɛ sena bena, Yesu ye nye Mawuvi la o mahã?
Gbɔgbɔ la ƒe ɖaseɖiɖi.
6Esiae nye amesi va le tsi kple ʋu me: Yesu Kristo, menye tsi ɖeɖe me koe wòva le o, ke boŋ tsi kple ʋu mee wòva le. Eye Gbɔgbɔ la enye amesi ɖia ɖase: elabena Gbɔgbɔ la enye nyateƒe la. 7Elabena ame etɔ̃e li, amesiwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka. 8Eye ame etɔ̃e li, amesiwo le ɖase ɖim le anyigba dzi, woawoe nye: Gbɔgbɔ la kple tsi la kpakple ʋu la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka. 9Ne míexɔa amegbetɔwo ƒe ɖaseɖiɖi la, ekema Mawu ƒe ɖaseɖiɖi la lolo wu; elabena Mawu ƒe ɖaseɖiɖi enye esia bena, eɖi ɖase le Via ŋuti. 10Amesi ke xɔa Mawu ƒe Vi la dzi sena la, eya kpɔa ɖaseɖiɖi sia le eɖokui me; amesi ke mexɔa Mawu dzi sena o la, eya do Mawu aʋatsokalae; elabena mexɔ ɖase, si Mawu ɖi le Via ŋuti la, dzi se o. 11Eye ɖaseɖiɖi la enye si bena, Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe sia le Via me. 12Amesi si Vi la le la, agbe le esi; eye amesi si Mawu ƒe Vi la mele o la, agbe mele esi o.
13Nusiawo meŋlɔ na mi amesiwo xɔa Mawuvi la ƒe ŋkɔa dzi sena la, bena miadze sii be, agbe mavɔ le mia si.
Kukuɖeɖe tia Mawu ƒe ŋusẽ.
14Eye dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí. 15Eye ne míenyae bena, eɖoa to mí le nusianu, si ke míebia me la, ekema mienyae bena, miexɔa nusiwo míebia tso egbɔ la.
16Ne amea ɖe kpɔ nɔvia wɔ nuvɔ̃, si mahe ame ayi ku me o la, neɖe kuku, eye wòana agbe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si ahe ame ayi ku me o. Nuvɔ̃a ɖe li, si ahe ame ayi ku me; nyemegblɔ be, woaɖe kuku ɖe eya ta o. 17Madzɔmadzɔnyenye katã enye nuvɔ̃, eye nuvɔ̃a ɖe li, si mahe ame ayi ku mee o.
18Míenyae bena, amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; ke amesi wodzi tso Mawu me la, eya léa eɖokui nyuie, eye vɔ̃ɖitɔ la mekaa asi eŋu o. 19Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖi to la me. 20Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la. 21Viwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!
Currently Selected:
Yohanes I 5: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.