1
Yohanes I 5:14
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Eye dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.
Compare
Explore Yohanes I 5:14
2
Yohanes I 5:15
Eye ne míenyae bena, eɖoa to mí le nusianu, si ke míebia me la, ekema mienyae bena, miexɔa nusiwo míebia tso egbɔ la.
Explore Yohanes I 5:15
3
Yohanes I 5:3-4
Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o. Elabena nusianu, si wodzi tso Mawu me la, ɖua xexeame dzi, eye dziɖuɖu, si ɖu xexeame dzi la, eyae nye míaƒe xɔse.
Explore Yohanes I 5:3-4
4
Yohanes I 5:12
Amesi si Vi la le la, agbe le esi; eye amesi si Mawu ƒe Vi la mele o la, agbe mele esi o.
Explore Yohanes I 5:12
5
Yohanes I 5:13
Nusiawo meŋlɔ na mi amesiwo xɔa Mawuvi la ƒe ŋkɔa dzi sena la, bena miadze sii be, agbe mavɔ le mia si.
Explore Yohanes I 5:13
6
Yohanes I 5:18
Míenyae bena, amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; ke amesi wodzi tso Mawu me la, eya léa eɖokui nyuie, eye vɔ̃ɖitɔ la mekaa asi eŋu o.
Explore Yohanes I 5:18
Home
Bible
Plans
Videos