YouVersion Logo
Search Icon

Yohanes I 4

4
Aʋatsonufialawo dodokpɔ, Mawu kple havi lɔlɔ̃, Mawu enye lɔlɔ̃.
1Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame. 2Esia me míedze si Mawu ƒe Gbɔgbɔ le: Gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si ʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me la, etso Mawu gbɔ; 3eye gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si meʋua Yesu me o la, metso Mawu gbɔ o; eye esia nye Kristo ƒe futɔ la ƒe gbɔgbɔ, si ŋkɔ miese bena, egbɔna, eye azɔ la ele xexeame xoxo. 4Viwo, miawo la Mawu me mietso, eye mieɖu wo dzi; elabena amesi le mia me la, etri akɔ wu amesi le xexeame. 5Woawo la xexeame wotso, eyata woƒoa xexeame ƒe nu, eye xexeame ɖoa to wo. 6Míawo la Mawu me mietso, eye amesi dze si Mawu la, ɖoa to mi; amesi metso Mawu me o la, meɖoa to mi o. Esia me míedze si nyateƒegbɔgbɔ kple aʋatsogbɔgbɔ le.
7Lɔlɔ̃tɔwo, mina mialɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu. 8Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃. 9Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe go fia le le mía me bena, Mawu dɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me. 10Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo mielɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta. 11Lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu lɔ̃ mí ale la, ele na míawo hã be, mialɔ̃ mia nɔewo. 12Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; ne mielɔ̃ mía nɔewo la, ekema Mawu noa mía me, eye eƒe lɔlɔ̃ la zua blibo le mia me. 13Esia me míedze sii le bena, míenɔa eyama me, eye eya hã nɔa mía me; elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ la ƒe ɖe na mi.
14Eye míawo miekpɔe, eye míeɖia ɖase bena, Fofo la do Via ɖo ɖa, be wòanye xexeame xɔla. 15Amesi ke ʋua me bena, Yesu ye nye Mawu Vi la, Mawu nɔa eme, eye eya hẽ nɔa Mawu me. 16Eye míawo miedze si lɔlɔ̃, si Mawu tsɔ lɔ̃a mí, eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃, eye amesi nɔa lɔlɔ̃ la me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me. 17Esia me lɔlɔ̃ la zu blibo le mía gbɔ le, bena dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔ̃gbe; elabena alesi eyama le la, nenema ke míawo hã míele le xexe sia me. 18Vɔvɔ̃a ɖeke mele lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ blibo nyãa vɔvɔ̃ doa goe: elabena fetu vɔ̃ le vɔvɔ̃ me: ke amesi le vɔvɔ̃m la, mezua blibo le lɔlɔ̃ me o.
19Minɛ míalɔ̃e, elabena etre mí lɔlɔ̃! 20Ne amea ɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃ nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã? 21Eye miexɔ se sia tso egbɔ bena, amesi ke lɔ̃a Mawu la, nelɔ̃ nɔvia hã.

Currently Selected:

Yohanes I 4: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in