YouVersion Logo
Search Icon

Yohanes I 2

2
Habɔbɔ kple Mawuvi la. Kristotɔ vavã léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi.
1Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mia si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. 2Eye eya kee nye avuléle le miaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía to ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti. 3Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae. 4Amesi ke gblɔ bena, yenyae, eye gake melé eƒe seawo me ɖe asi o la, aʋatsokala wònye, eye nyateƒe mele eme o. 5Amesi ke lé eƒe nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã. Esia míatsɔ adze sii bena, miele eyama me. 6Amesi ke gblɔ bena, yenɔa eme la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya ŋutɔ hã zɔe ene.
Yesu ƒe se vevitɔ ɖeka nye nɔvilɔlɔ̃.
7Lɔlɔ̃tɔwo, menye se yeye meŋlɔ ɖo ɖe mi o, ke boŋ se xoxo, si le mia si tso gɔmedzedzea me la koe: Se xoxoa enye nya, si miese la. 8Se yeye magaŋlɔ aɖo ɖe mi, esi nye nyateƒe le eya me kple miawo hã mia me; elabena viviti le dzodzom, eye kekeli vavã le keklẽm xoxo. 9Amesi ke gblɔ bena, yele kekelia me, eye wòléa fu nɔvia la, egale viviti me kpakple egbe. 10Amesi ke lɔ̃a nɔvia la, eya naa kekeli la me, eye nuɖianua ɖeke mele eme o. 11Ke amesi ke léa fu nɔvia la, eya le viviti me, eye wòzɔa viviti me, eye menya afisi yim wòle o; elabena viviti la gbã eƒe ŋkuwo.
Misi le xexeame nu.
12Viwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena wotsɔ nuvɔ̃wo ke mi le eƒe ŋkɔ ta. 13Fofowo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena mienya amesi li tso gɔmedzedzea me. Ɖeka kpuiwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi. Ɖeviwo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena mienya Fofo la. 14Fofowo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena mienya amesi li tso gɔmedzedzea me, Ɖekakpuiwo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena míesesẽ, eye Mawu ƒe nya la naa mia me, eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi. 15Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne amea ɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. 16Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. 17Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.
Mimã ɖa tso Kristo ƒe futɔ la gbɔ.
18Viwo, ɣeyiɣi mamletɔe, eye abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ: eya me míedze sii le bena, ɣeyiɣi mamletɔ lae. 19Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o. 20Eye kɔkɔetɔ la si ami na mi, eye mienya nuwo katã. 21Nyemeŋlɔ ɖo ɖe mi, abe ɖe mienya nyateƒe la ene o, ke boŋ le esi mienyae, eye le esi aʋatsokakaa ɖeke metsoa nyateƒe me o la guti.
22Amekae nye aʋatsokala, ne menye amesi sẽ nu bena, Yesu menye Kristo o lae oa? Amesi ke gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la, eyae nye Kristo ƒe futɔ la. 23Amesiame, si sẽ nu le Vi la ŋuti la, eya ke sie Fofo la hã mele o: amesi ke ʋua Vi la me la, eya ke sie Fofo la hã le. 24Miawo la mina nusi miese tso gɔmedzedzea me la, nanɔ mia me. Ne nusi miese tso gɔmedzedzea me la, nɔ mia me la, ekema miawo hã mianɔ Vi la kple Fofo la me. 25Eye ŋugbedodo, si eya ŋutɔ ɖo na mí la, eya nye agbe mavɔ la.
26Nya siawo meŋlɔ ɖo ɖe mi le amesiwo le mia blem la ŋuti. 27Eye miawo la, amisisiname, si miexɔ le egbɔ la, nɔa mia me, eye mehiã mi be, amea ɖeke nafia nu mi o, ke boŋ abe alesi amisisi ma ke fia nu mi le nuwo katã ŋuti ene la, nenema ke hã wònye nyateƒe, eye menye aʋatso o; eye abe alesi wofia mi ene la, minɔ eme nenema ke.
Nuxɔxlɔ̃ bena Kristo me nɔnɔ.
28Eye azɔ, vinyewo, mina eya me, bena ne eva do la, ne dzi naɖo mia ƒo, eye ŋu nagakpe mí le eƒe ŋku me le eƒe vava la me o. 29Ne mienyae bena, dzɔdzɔetɔ wònye la, ekema midze sii be, amesiame, si le nu dzɔdzɔe wɔm la, egbɔ wodzi eya hã tso.

Currently Selected:

Yohanes I 2: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in