1
Yohanes I 2:15-16
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne amea ɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.
Compare
Explore Yohanes I 2:15-16
2
Yohanes I 2:17
Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.
Explore Yohanes I 2:17
3
Yohanes I 2:6
Amesi ke gblɔ bena, yenɔa eme la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya ŋutɔ hã zɔe ene.
Explore Yohanes I 2:6
4
Yohanes I 2:1
Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mia si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.
Explore Yohanes I 2:1
5
Yohanes I 2:4
Amesi ke gblɔ bena, yenyae, eye gake melé eƒe seawo me ɖe asi o la, aʋatsokala wònye, eye nyateƒe mele eme o.
Explore Yohanes I 2:4
6
Yohanes I 2:3
Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae.
Explore Yohanes I 2:3
7
Yohanes I 2:9
Amesi ke gblɔ bena, yele kekelia me, eye wòléa fu nɔvia la, egale viviti me kpakple egbe.
Explore Yohanes I 2:9
8
Yohanes I 2:22
Amekae nye aʋatsokala, ne menye amesi sẽ nu bena, Yesu menye Kristo o lae oa? Amesi ke gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la, eyae nye Kristo ƒe futɔ la.
Explore Yohanes I 2:22
9
Yohanes I 2:23
Amesiame, si sẽ nu le Vi la ŋuti la, eya ke sie Fofo la hã mele o: amesi ke ʋua Vi la me la, eya ke sie Fofo la hã le.
Explore Yohanes I 2:23
Home
Bible
Plans
Videos