1
Yohanes I 3:18
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Viwo, migana miatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ miatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.
Compare
Explore Yohanes I 3:18
2
Yohanes I 3:16
Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena, eyama tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta; eye ele na míawo hã bena, miatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta.
Explore Yohanes I 3:16
3
Yohanes I 3:1
Mikpɔ lɔlɔ̃ gã, si ƒomevi Fofo la tso ke mi la ɖa, bena woayɔ mí be mawuviwo! Eyata xexeame medze si mi o; elabena medze si eyama hã o.
Explore Yohanes I 3:1
4
Yohanes I 3:8
Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.
Explore Yohanes I 3:8
5
Yohanes I 3:9
Amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu ƒe agbe nɔa eme, eye metea ŋu wɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu me wodzii tso.
Explore Yohanes I 3:9
6
Yohanes I 3:17
Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?
Explore Yohanes I 3:17
7
Yohanes I 3:24
Eye amesi léa eƒe seawo me ɖe asi la, enɔa eme, eye eya hã nɔa eme. Eye esia me miedze sii le be, enɔa mía me, le Gbɔgbɔ, si wòna mi la ta.
Explore Yohanes I 3:24
8
Yohanes I 3:10
Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.
Explore Yohanes I 3:10
9
Yohanes I 3:11
Elabena esiae nye gbedasi, si miese tso gɔmedzedzea me la, bene mialɔ̃ mía nɔewo
Explore Yohanes I 3:11
10
Yohanes I 3:13
Nɔvinyewo, ne xexemetɔwo léa fu mi la, miaƒe mo megawɔ yaa o.
Explore Yohanes I 3:13
Home
Bible
Plans
Videos