የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 25

25
Abraham ƒe dzidzimevi bubuwo
(Kron I, 1.32-33)
1Abraham ɖe srɔ̃ bubu si ŋkɔe nye Ketura. 2Eya dzi Simran, Yoksan, Medan, Midian, Yisbak kple Suax nɛ. 3Yoksan dzi Seba kple Dedan. Dedan ƒe dzidzimeviwoe nye: Asuritɔwo, Letusitɔwo kple Leumitɔwo. 4Midian viŋutsuwoe nye Efa, Efer, Henox, Abida kple Edaa. Ame siawo katã nye Ketura ƒe dzidzimeviwo. 5Abraham tsɔ eƒe nunɔamesiwo katã na via Isak, 6ke le eƒe agbenɔɣi la, Abraham na nu viŋutsu siwo eƒe ahiãviwo dzi nɛ la, eye wòdo mɔ wo ɖo ɖe anyigba si le ɣedzeƒe gome la dzi bene woaɖe ɖa le Isak ŋu.
Abraham ku, eye woɖii
7Azɔ Abraham nɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla adrẽ vɔ atɔ̃. 8Abraham ku esime wòtsi xɔ ƒè geɖee, eye wòzu amegãɖeɖi belibeli hafi yi tɔgbuiawo gbɔ. 9Via ŋutsuwo, Isak kple Ismael, ɖii ɖe Maxpela-kpeto la me. Kpeto sia le agble si le Mamre ƒe ɣedzeƒe gome, eye wònye Xititɔ Efron, Zoxar vi ƒe anyigba kpɔ. 10#Mos I, 23.3-16. Agble siae Abraham ƒle le Xititɔwo si va yi, eye afi mae woɖi, eya kple srɔ̃a Sara ɖo. 11Mawu yra Isak le tɔ́a Abraham ƒe ku megbe, eye wònɔ afi si woyɔna be “Agbe tɔ si le kpɔyem la ƒe Vudo.”
Ismael ƒe dzidzimeviwo
12Ismael, ame si Egipte-nyɔnu Hagar, Sara ƒe kosi, dzi na Abraham la, 13viwo ŋkɔwoe nye esiwo gbɔna ɖe woƒe tsitsime nu: Nebayot, Kedar, Adbeel, Mibsam, 14Misma, Duma, Masa, 15Xadad, Tema, Yetur, Nafis kple Kedma. 16Ame siawoe nye Ismael viŋutsuwo, eye esiawoe nye woƒe ŋkɔwo ɖe woƒe du suewo kple woƒe asaɖawo nu; amegã wui eve ɖe woƒe towo nu. 17Ismael tsi xɔ ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃ vɔ adrẽ hafi ku. 18Eƒe dzidzimeviwoe nɔ Xavila kple Sur dome le Egipte ƒe ɣedzeƒe gome ɖo ta Asiria. Woawo sa wo ɖokui ɖe aga tso Abraham ƒe dzidzimevi bubuawo gbɔ.
Wodzi Esau kple Yakob
19Abraham vi Isak hã ƒe dzidzimeŋutinyae nye esi: 20Isak xɔ ƒe bla ene, hafi ɖe Rebeka si nye Betuel vinyɔnu. Rebeka nɔviŋutsue nye Laban. Betuel nye Aramtɔ tso Mesopotamia. 21Rebeka tsi ko eya ta Isak do gbe ɖa na Aƒetɔ vevie ɖe eta. Aƒetɔ se eƒe kukuɖeɖe la, eye Rebeka fɔ fu. 22Ɖeviawo nɔ ʋiʋlim le eƒe dɔme. Ale ebia eɖokui be: “Nu ka tae nu sia ƒomevi le wɔyem?” eye wòyi ɖabia Aƒetɔ se. 23#Rom 9.12. Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be:
“Dukɔ evee le wò dɔ me.
Àdzi dukɔ eve siwo aʋli nu kple wo nɔewo.
Ɖeka asesẽ wu nɔvia;
tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ.”
24Rebeka ƒe vidziɣi ɖo, kasia evenɔviwoe le dɔa me. 25Gbãtɔ do. Ebiã hẽe, eye fu le eŋu kedzekedze, eya ta wona ŋkɔe be Esau. 26Evelia hã va do, eye wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi, eya ta wona ŋkɔe be Yakob. Isak xɔ ƒe bla ade esime wodzi ɖeviawo.
Esau ɖɔli eƒe ŋgɔgbevinyenye
27Esi ɖeviawo va tsi la, Esau zu adela, eye wòlɔ̃a adegbedede. Ke Yakob ya nye ame fafa, eye wòlɔ̃a aƒeme nɔnɔ. 28Isak lɔ̃ Esau ƒe nya elabe adelã vivia enu; ke Rebeka ya lɔ̃ Yakob.
29Gbe ɖeka la, Yakob nɔ nu ɖam. Esau tso adegbe gbɔ, eye dɔ nɔ ewum kutɔkutɔe. 30Esau gblɔ na Yakob be: “Dɔ le wuyem, mebe maku. Na nuɖuɖu dzĩ ma ƒe ɖem maɖu.” Eya ta wotsɔ ŋkɔ nɛ be Edom. 31Yakob ɖo eŋu be: “Dzra wò ŋgɔgbevinyenye nam gbã gbɔ.” 32Esau gblɔ be: “Dɔ le wuyem, mebe makua, nu ka koŋ ŋgɔgbevinyenye awɔ nam?” 33#Heb 12.16. Yakob be: “Ka atam nam gbã gbɔ.” Tete Esau ka atam na Yakob, eye wòtsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye dzra nɛ. 34Azɔ Yakob na abolo kple ayidetsi la Esau. Eɖu nua, no tsi ɖe edzi, eye wòtso dzo. Aleae Esau wɔ, do vlo eƒe ŋgɔgbevinyenye nye esi.

Currently Selected:

Mose I 25: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ