የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 26

26
Isak nɔ Gerar
1Dɔ gato le anyigba la dzi, abe ale si wòto le Abraham ŋɔli ene. Ale Isak ʋu yi ɖe Filistitɔwo ƒe fia Abimelex gbɔ le Gerar. 2Do ŋgɔ la, Aƒetɔ ɖe eɖokui fiae, gblɔ nɛ be: “Mègayi Egipte o; ke boŋ nɔ anyigba si mafia wò la dzi. 3#Mos I, 22.16-18. Nɔ afi ma, eye manɔ kpli wò, ayra wò, elabe matsɔ anyigba blibo sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo. Mawɔ atam si meka na tɔ́wò Abraham la dzi godoo. 4Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziƒo ene, eye matsɔ anyigba sia katã ana wò. Wò dzidzimeviwo dzi woato ayra anyigba dzi dukɔwo katã. 5Mayra wò elabe Abraham ɖo tom, eye wòwɔ nye sededewo kple ɖoɖowo kpakple mɔnu siwo mefiae la dzi.”
6Ale Isak nɔ Gerar. 7#Mos I, 12.13; 20.2. Esi afi ma ŋutsuwo bia be ame kae nye srɔ̃a hã la, egblɔ na wo be ye nɔvinyɔnue. Egblɔ alea, elabe evɔ̃ be ne yegblɔ be ye srɔ̃e la, woawu ye le Rebeka ta, elabe edze tugbe ŋutɔ. 8Esi wonɔ afi ma eteƒe didi la, gbe ɖeka Abimelex kpɔ Isak to fesre nu wònɔ fefem kple Rebeka srɔ̃tɔe. 9Ale Abimelex yɔ Isak vɛ, eye wòbiae be: “Srɔ̃wòe nye nyɔnuae! Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvinyɔnue?” Isak ɖo eŋu nɛ be: “Mebu be ne megblɔ be srɔ̃nye wònye la, woawum.” 10Abimelex gblɔ nɛ be: “Nu kae nye esi nèwɔ mí kloe? Esusɔ vie ŋunyemewo dometɔ ɖeka dɔ kple srɔ̃wò kloe, ne nàhe fɔbubu va mía dzi.” 11Ale Abimelex de se na eteviwo katã be: “Ame aɖeke megawɔ naneke ŋutsu sia kple srɔ̃a o. Ne ame aɖe ka asi ŋutsu sia kple srɔ̃a ŋu la, woawui kokoko.”
12Isak de agble ɖe anyigba la dzi, eye nu si wòŋe le ƒè ma me la de esi wòƒã la ƒe teƒe alafa ɖeka sɔŋ elabe Aƒetɔ yrae. 13Eva zu kesinɔtɔ gã ale gbegbe. Ɖeko eƒe nukpɔkpɔwo nɔ dzidzim ɖe dzi, ganɔ dzidzim ɖe dzi. 14Alẽhawo kple nyihawo sɔ gbɔ ɖe esi ale gbegbe, eye kluviwo hã nɔ esi fũu. Ale Filistitɔwo va ʋã ŋui. 15Woku anyi xe vudo siwo katã tɔ́a Abraham ƒe dɔlawo ɖe esime wònɔ agbe la keŋkeŋ. 16Abimelex gblɔ na Isak be: “Dzo le mía dome, elabe èva kpɔ ŋusẽ wu mí.”
17Ale Isak dzo le afi ma. Ke eyi ɖatu agbadɔ ɖe Gerar-balia me, eye wònɔ afi ma. 18Egbugbɔ vudo siwo woɖe le tɔ́a Abraham ŋɔli la ɖe, eye wògatsɔ ŋkɔ siwo tɔ́a Abraham na wo tsã la na wo. Vudo siawoe Filistitɔwo xe tsã le Abraham ƒe ku megbe. 19Isak ƒe dɔlawo ɖe vudo ɖe balia me, eye woke ɖe tsidzidzi ŋu. 20Ke Gerartɔwo ƒe lãnyilawo wɔ dzre kple Isak ƒe lãnyilawo gblɔ be: “Míaƒe tsie.” Eya ta Isak na ŋkɔ vudoa be Esek#26.20: ESEK: Egɔmee nye dzrevudo le Hebri-gbe me. elabe wowɔ dzre kplii ɖe vudoa ta. 21Wogaɖe vudo bubu ɖe ema yome, eye wogawɔ dzre ɖe eya hã ta, eya ta wòna ŋkɔe be Fuléle. 22Eʋu le afi ma ɖo ta ŋgɔ, eye wògaɖe vudo bubu. Womewɔ dzre ɖe esia ya ta o, ale wòna ŋkɔe be “Vovoƒe.” Egblɔ be: “Aƒetɔ na vovoƒe mí azɔ be míanɔ anyigba sia dzi, adzi ɖe dzi, akeke ta.”
23Emegbe Isak ʋu le afi ma yi Beer-Seba. 24Gbe si gbe wòʋu yi ƒe zã me la, Aƒetɔ ɖe eɖokui fiae gblɔ nɛ be: “Nyee nye tɔ́wò Abraham ƒe Mawu. Mègavɔ̃ o; meli kpli wò. Le nye dɔla Abraham ta la, mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi.” 25Ale wòɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòsubɔ Aƒetɔ. Etu agbadɔ ɖi, eye eƒe dɔlawo gaɖe vudo bubu.
Isak kple Abimelex wɔ ŋutifafa
26 # Mos I, 21.22. Gbe ɖeka la, Abimelex kple eƒe aɖaŋuɖola, Ahusat kpakple eƒe aʋakplɔla, Pixol, wova Isak gbɔ be yewoakpɔe. 27Isak bia wo be: “Nu ka tae mieva gbɔnye? Menye miawoe lé fum, nyàm le mia dome oa?” 28Woɖo eŋu be: “Fifia míekpɔ dze sii kɔtɛe be Aƒetɔ li kpli wò eya ta míebu be ele be mía kpli wò míaka atam na mía nɔewo. Míabla nu kpli wò, 29bene nàgawɔ vɔ̃ aɖeke mí o, abe ale si míawo hã míewɔ vɔ̃ aɖeke wò va yi o la ene. Nu nyui wònye míewɔ na wò, be míena nèdzo le ŋutifafa me ale be Aƒetɔ yra wò.” 30Ale wòɖo kplɔ̃ na wo, eye woɖu nu, no nu nyuie. 31Le ŋufɔke la, wofɔ ŋdi kanya, eye wobla nu kple wo nɔewo heka atam ƒu edzi. Isak do mɔ wo, wotrɔ dzo le ŋutifafa me. 32Gbe ma gbe ke la, Isak ƒe dɔlawo va gblɔ vudo si woɖe la ŋu nya nɛ. Wogblɔ nɛ be: “Míeke ɖe tsi ŋu!” 33Ena ŋkɔ vudoa be Siba. Eya tae woyɔa du si wotso ɖe afi ma la be “Beer-Seba” va se ɖe egbe.
Esau ɖe srɔ̃ siwo menye Hebritɔwo o
34Esi Esau xɔ ƒe bla ene la, eɖe Yudif, Xititɔ Beeri vinyɔnu. Eɖe Basmat si hã nye Xititɔ, Elon vinyɔnu hã. 35Wona agbenɔnɔ zu veve na Isak kple Rebeka.

Currently Selected:

Mose I 26: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ