የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 24

24
Abraham ɖe srɔ̃ na Isak
1Azɔ Abraham tsi xɔ ƒè geɖee, eye Aƒetɔ yrae le nu sia nu me. 2Abraham gblɔ na eƒe dɔla tsitsitɔ si kpɔa eƒe nunɔamesiwo katã dzi la be: “Tsɔ asi de nye atame,#24.2: Tsɔ asi de nye atame: Wowɔa esia tsɔna ɖoa kpe atamkaka dzi be matrɔ gbeɖe o. 3ne natà Aƒetɔ, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam, be yemaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ siwo dome mele la vinyɔnuwo dome o, 4ke boŋ yeayi mía denyigba dzi, aɖaɖe srɔ̃ na vinye Isak tso nye ƒometɔwo dome.” 5Ke dɔla la gblɔ nɛ be: “Ɖewohĩ nyɔnua malɔ̃ be yeakplɔm ɖo ava anyigba sia dzi o. Ekema makplɔ viwò la gbugbɔ yi anyigba si dzi nèʋu tso la dzia?” 6Abraham ɖo eŋu nɛ be: “Kpɔ nyuie be màgagbugbɔ vinye la ayi afi mae o! 7Aƒetɔ, dziƒo ƒe Mawu la, ame si ɖem ɖa tso tɔ́nye ƒeme kple mía denyigba dzi, eye wòdo anyigba sia ŋugbe nam be: ‘Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana’ la, adɔ eƒe dɔla wòanɔ ŋgɔwò, nàɖaɖe srɔ̃ na vinye ŋutsu tso afi ma. 8Ke ne nyɔnua melɔ̃ be yeakplɔ wò ɖo ava o la, ekema menye wòe tu atam sia o; ɖeko mègakplɔ vinye la va yi afi mae gbeɖe o!” 9Ale dɔla la tsɔ asi de Abraham, eƒe aƒetɔ la, ƒe atame, eye wòka atam nɛ ɖe nya la dzi.
10Dɔla la tia eƒe aƒetɔ la ƒe kposɔ ewo, tsɔ eƒe nu nyui vovovo aɖewo hã ɖe asi, eye wòdze mɔ yi ɖe du si me Naxor nɔ le Mesopotamia ƒe dzigbeme la me. 11Ena eƒe kposɔawo tsyɔ akɔ anyi ɖe vudo aɖe to le dua godo le fiẽ, le nyɔnuwo ƒe tɔmedeɣi. 12Dɔla la do gbe ɖa be: “Aƒetɔ, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Meɖe kuku, na nu si gbe meva la, nadze dzi nam egbe, eye nànyo dɔme na nye aƒetɔ Abraham. 13Kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to fifia, eye dua me ɖetugbiwo gbɔna tsi du ge le afii. 14Na ɖetugbi si magblɔ na be: ‘Meɖe kuku, dro wò tsize ɖi ne mano tsi’, eye wòagblɔ be: ‘Noe, eye mana wò kposɔwo hã woano’ la, nenye ame si dzi nètɔ asii na wò dɔla Isak. To esia me madze sii be ève nye aƒetɔ nu.”
15Ke subɔla la mekpɔ do gbea ɖa vɔ hafi ɖetugbi aɖe va do o. Eŋkɔe nye Rebeka. Enye Betuel, Abraham nɔviŋutsu Naxor viŋutsu kple srɔ̃a Milka ƒe vinyɔnuvi. Elé tɔmedeze ɖe abɔta va tsi du ge. 16Ɖetugbi la dze tugbe ŋutɔ, eye menya ŋutsu o. Eɖi ɖe vudoa me ɖaku tsia hedo go. 17Tete dɔla la ƒu du yi ɖakpee gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, na tsi vi aɖem mano!” 18Egblɔ be: “Amegã, va no faa.” Edro ze la ɖi enumake, eye wòna tsi lae wòno. 19Esi wòno vɔ la, ɖetugbi la gblɔ nɛ be: “Maku tsia ɖe vɛ na wò kposɔawo hã ne woano.” 20Ewɔ kaba, trɔ tsia kɔ ɖe lãwo ƒe tsinonu me, eye wògaƒu du ɖi ɖe vudoa me ɖadu tsia gava trɔ ɖi na kposɔawo va se ɖe esime wo katã no tsi, wòɖi kɔ na wo. 21Ŋutsu la li kpoo nɔ ekpɔm dũu, ne yeakpɔ ɖa be Aƒetɔ ana nu si gbe yeva la nadze edzi na ye mahã.
22Esi kposɔawo no tsia vɔ la, ŋutsua ɖe sikasigɛ si ƒe kpekpeme anɔ gram ade kple sikalɔnuga eve siwo ƒe kpekpeme anɔ sika gram alafa ɖeka wui ene la, do na ɖetugbi la. 23Azɔ ebiae be: “Ame ka vi nènye? Míate ŋu akpɔ dzeƒe le tɔ́wò ƒemea?” 24Eɖo eŋu nɛ be: “Betuel, Milka vi, si wòdzi na Naxor la vinyɔnu menye.” 25Egblɔ yi edzi be: “Aƒla kple gbe le mía si fũu, eye dzeƒe hã li.” 26Ŋutsua dze klo, eye wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ 27be: “Woakafu Aƒetɔ, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu la. Ekpɔa eta, vea enu, eye wòwɔa nuteƒe nɛ ɖaa. Le gonye me la, Aƒetɔ fia mɔm, eye wòkplɔm tẽe va nye aƒetɔ ƒomeawo gbɔe.”
28Ɖetugbia ƒu du yi aƒeme ɖagblɔ nya siawo na nɔa ƒemetɔwo. 29Azɔ nɔviŋutsu le Rebeka si; eŋkɔe nye Laban. Laban ƒu du yi ŋutsua gbɔ le vudoa to. 30Do ŋgɔ la, Laban kpɔ ŋɔtigɛ kple alɔnuga le nɔvia nyɔnu ŋu, eye wòse nya siwo wòbe ŋutsua gblɔ na ye la hã. Eyi ɖatu ŋutsua wòle tsitre ɖe kposɔawo gbɔ le vudoa to. 31Laban gblɔ nɛ be: “Wò ame si Aƒetɔ yra, va míyi aƒeme. Nu ka ta nètsi tsitre ɖe gbɔto le afii? Medzra xɔ me ɖo ɖi na wò. Teƒe li na wò kposɔawo hã.” 32Esi wòkplɔ ŋutsua va aƒeme la, etu agbaawo le kposɔawo dzi, eye wòna gbe wo woɖu. Eku tsi vɛ na ŋutsua kple ame siwo katã kpe ɖe eŋuti la be woaklɔ afɔ. 33Ke esi wotsɔ nuɖuɖu va ɖo ŋutsua kɔme la, egblɔ be: “Nyemaɖu nu o, va se ɖe esime megblɔ afɔ si dzi mele la na mi gbã.” Laban ɖo eŋu be: “Ƒo nu faa!”
34Egblɔ be: “Abraham ƒe dɔlae menye. 35Aƒetɔ yra nye aƒetɔ ŋutɔ, eye wòzu nunɔamesitɔ gã ale gbegbe. Ena alẽha kple nyiha, klosalo kple sika, kluviwo kple kosiwo, kposɔwo kple tedziwoe fũu. 36Nye aƒetɔ srɔ̃, Sara, togbɔ be eku nyagã hã, edzi viŋutsu nɛ, eye nye aƒetɔ tsɔ eƒe nunɔamesiwo katã na via. 37Nye aƒetɔ na meka atam nɛ be mawɔ ŋugbe si medo nɛ la dzi. Egblɔ nam be, ‘Mègaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ siwo dome mele la vinyɔnuwo dome o; 38ke boŋ yi ɖe ƒonyemeawo gbɔ, le tɔ́nye ƒeme, eye nàɖe srɔ̃ na vinye tso afi ma. 39Azɔ mebia nye aƒetɔ be: ‘Ke ne nyɔnua melɔ̃ be yeakplɔm ɖo ava o ɖe, nu ka mawɔ?’ 40Eɖo eŋu nam be: ‘Aƒetɔ, ame si meɖoa toe ɣe sia ɣi la, adɔ eƒe dɔla wòayi kpli wò, eye wòana nu si gbe nèyi la nadze dzi na wò, ale be nàɖe srɔ̃ na vinye tso ƒonyemeawo gbɔ le tɔ́nye ƒeme. 41Evɔ ne èyi ƒonyemeawo gbɔ, eye womelɔ̃ tsɔ ɖetugbi aɖeke na wò o la, ekema menye wòe tu nye atam la o.’
42“Esi meva ɖo vudoa to egbea la, medo gbe ɖa be: ‘Aƒetɔ, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Meɖe kuku, na be nu si wɔ ge meva la, nadze dzi nam. 43Kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to. Nenye be ɖetugbi aɖe va tsi du ge la, mele ebia ge be wòana tsi vi aɖem mano. 44Ne eɖo eŋu nam be: ‘Noe faa, eye mana wò kposɔawo hã woano’ la, ekema na be eya nanye nyɔnu si nètia da ɖi na nye aƒetɔ viŋutsu la be wòaɖe.’ 45Nyemekpɔ do gbea ɖa le tame vɔ o, kasia Rebeka va do. Elé ze ɖe abɔta, eye wòɖi ɖe vudoa me ɖaku tsia do va. Megblɔ nɛ be: ‘Meɖe kuku, na tsim mano!’ 46Edro ze la ɖi enumake hegblɔ be: ‘Noe; mana wò kposɔawo hã.’ Esi meno tsia vɔ la, ena kposɔawo hã wono. 47Azɔ mebiae be: ‘Ame ka vi nènye?’ Eɖo eŋu nam be: ‘Betuel viŋutsu si Milka dzi na Naxor la vinyɔnue menye.’ Ale metsɔ ŋɔtigɛ la do nɛ hetsɔ alɔnuga la hã do ɖe alɔnu nɛ. 48Tete mebɔbɔ tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa na Aƒetɔ. Mekafu Aƒetɔ, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu la, ame si kplɔm tẽe va nye aƒetɔ nɔviwo gbɔ tututu be maɖe srɔ̃ na via tso wo dome. 49Azɔ ne mielɔ̃ be yewoave nye aƒetɔ la nu, awɔ nuteƒe nɛ la, taflatsɛ, migblɔe nam. Ke ne mielɔ̃ o hã la, migblɔe nam bene manya nu si mawɔ.”
50Tete Laban kple Betuel woɖo eŋu be: “Esi wònye Aƒetɔ gbɔe nya sia tso ta la, míawo míate ŋu alɔ̃ alo agbe o. 51Kpɔ ɖa, Rebekae nye esi; kplɔe yii faa, ne wòazu wò aƒetɔ ƒe vi la srɔ̃ abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ene.”
52Esi Abraham ƒe dɔla la se nya sia la, etsyɔ mo anyi, eye wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ. 53Azɔ la, dɔla la ɖe klosalo kple sika nuwo kple avɔ xɔasiwo ɖe go tsɔ na Rebeka. Etsɔ nunana xɔasi geɖewo hã na nɔvia ŋutsua kple nɔa. 54Azɔ Abraham ƒe dɔla la kple ame siwo kpe ɖe eŋu la ɖu nu, no nu, eye wotsi afi ma dɔ. Esi wofɔ ŋdi la, ŋutsua gblɔ be: “Mido mɔm ne matrɔ yi nye aƒetɔ gbɔ.” 55Ke Rebeka nɔviŋutsua kple nɔa gblɔ na ŋutsua be: “Na ɖetugbi la nanɔ mía gbɔ ʋɛ abe ŋkeke ewo ene, ema megbe la, ate ŋu ayi faa.” 56Ke eɖo eŋu na wo be: “Migazi mía dzi be míatsi anyi o. Esi Aƒetɔ na nu si wɔ ge meva la dze dzi nam ta la, mido mɔm ne matrɔ yi nye aƒetɔ gbɔ.” 57Woɖo eŋu be: “Míayɔ ɖetugbi la ŋutɔ vɛ abiae se.” 58Ale woyɔ Rebeka vɛ hebiae be: “Àyi kple ŋutsu siaa?” Eɖo eŋu be: “Ẽ, mayi.” 59Ale wodo mɔ wo nɔvi Rebeka kple nyɔnu si tsɔe wòtsi la, wodzo yi kple Abraham ƒe dɔla la kple eŋumewo. 60Woyra Rebeka gblɔ nɛ be: “Wò, mía nɔvinyɔnu, nàva zu ame akpe nanewo nɔ. Wò dzidzimeviwo neɖu woƒe futɔwo dzi; wonexɔ woƒe duwo woazu wo tɔ!” 61Azɔ la, Rebeka kple eƒe nyɔnudɔlawo dzra ɖo, de kposɔwo dzi, eye wodze ŋutsua yome dzo. Ale ŋutsua kplɔ Rebeka dzoe.
62Emegbe Isak va le Beerlaxairoi si le anyigbemekegbegbe. 63Gbe ɖeka fiẽ la, Isak yi gbe dzi be yeaɖado gbe ɖa. Esi wòfɔ mo dzi la, ekpɔ kposɔwo gbɔna ɖa. 64Ke esi Rebeka hã fɔ kɔ dzi la, ekpɔ Isak ɖa. Rebeka wɔ kaba, ɖi le eƒe kposɔ dzi. 65Ebia dɔla la be: “Ŋutsu kae nye ekem le gbea dzi, zɔ gbɔna ɖe mía gbɔ?” Dɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Nye aƒetɔe.” Tete wòtsɔ motsyɔnu tsyɔ mo.#24.65: Tete wòtsɔ motsyɔnu tsyɔ mo: Le Israelviwo ƒe kɔnu nu la, ne srɔ̃ɖelawo meɖe wo nɔewo haɖe o la, ŋugbetɔsrɔ̃ la mekpɔ mɔ akpɔ ŋugbetɔ la ƒe mo o. 66Le esia megbe la, dɔla la gblɔ ale si wòde nua gbee la na Isak tsitotsito. 67Azɔ Isak kplɔ Rebeka yi ɖe nɔa, Sara, ƒe agbadɔme. Eɖee wòzu srɔ̃a, eye wòlɔ̃e vevie. Ale Isak ƒe ŋku va ɖe ɖa le nɔa ƒe ku ŋu, eye eƒe dzi dze eme.

Currently Selected:

Mose I 24: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ