የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 23

23
Sara ku, eye Abraham ƒle anyigba ɖii ɖe edzi
1Azɔ Sara tsi xɔ ƒe alafa ɖeka bla eve vɔ adrẽ. 2Eku le Xebron le Kanaan-nyigba dzi, eye Abraham fae ŋutɔŋutɔ. 3Abraham tso le ame kuku la gbɔ yi ɖe Xitiviwo gbɔ ɖagblɔ na wo be: 4#Heb 11.9, 13; Dɔw 7.16. “Amedzroe menye le mia dome. Mina anyigbam ɖe mia dome ne maɖi nye ame kuku la ɖe edzi.” 5Woɖo eŋu nɛ be: 6“Amegã, see ɖa na mí. Mawu ƒe amee nènye le mía dome. Àte ŋu aɖi wò ame kukua ɖe míaƒe ame veviwo ɖiƒe nyuitɔ faa. Mía dometɔ ɖe sia ɖe alɔ̃ faa be nàɖi wò amea ɖe yeƒe ameɖiƒe.” 7Abraham tsi tsitre eye wòbɔbɔ ta na Xitiviwo, ame siwo nye anyigbaa tɔwo la, 8eye wògblɔ na wo be: “Ne mielɔ̃ be maɖi nye amea ɖe afii la, ekema taflatsɛ, miɖe kuku na Efron, Zoxar vi nam. 9Medi be wòadzra eƒe Maxpela-kpeto si le eƒe agble to la nam, le mia ŋkume afii, ale si wòdi be yeadzrae ko la, ne maƒlee atsɔ wɔ nye ameɖiƒee koŋ le mia dome.” 10Efron ŋutɔ hã nɔ anyi ɖe Xitiviawo dome le agboa nu le afi ma, eye wòɖo nya la ŋu na Abraham le Xitiviawo kple ame siwo katã to agboa nu le gegem ɖe dua me la ŋkume be: 11“Nye amegã, taflatsɛ see ɖa! Metsɔ nye agble la kple kpeto si le eme la na wò faa. Mele etsɔm na wò le mía detɔ siwo katã le afii la ŋkume. Ɖi wò ame la ɖe afi ma faa.” 12Abraham bɔbɔ ta le Xitiviawo ŋkume, 13eye wòƒo nu na Efron, dua me tɔwo katã see be: “Taflatsɛ, see ɖa nam. Na maxe fe ɖe anyigba la ta. Ga lae nye esi; xɔe, ne maɖi nye ame kukua ɖe edzi.” 14Efron ɖo eŋu na Abraham be: 15“Amegã, ɖo to nàsee! Anyigba la axɔ klosaloga alafa ene. Ema manye nya le nye kple wò dome kura o. Tsɔe nàɖi wò amea ɖe edzi ko.” 16Abraham lɔ̃ ɖe nya la dzi. Eɖe klosaloga kpekpeme alafa ene, si Efron yɔ la, ɖe asitsalawo ƒe nudada nu le ɣe ma ɣi me, le Xitiviawo ŋkume hetsɔ nɛ. 17Ale Efron ƒe agble si le Maxpela, le Mamre ƒe ɣedzeƒe gome la va zu Abraham tɔ. Kpeto kple ati siwo katã le agblea me hã le eme.
18Xitiviawo kple ame bubu siwo katã va afi ma la kpɔ eteƒe be eva zu Abraham tɔ. 19Esia megbe la, Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto la me le Maxpela, le Mamre ƒe ɣedzeƒe gome (esia nye Xebron), le Kanaan-nyigba dzi. 20Ale agble kple kpeto si nye Xitiviwo tɔ tsã la va zu Abraham tɔ koŋ, eye wòzu eƒe ameɖiƒe.

Currently Selected:

Mose I 23: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ