1 Mose 6

6
Amewo ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ kple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃
1Amewo dzi, eye wosɔ gbɔ ŋutɔ ɖe anyigba dzi. Le ɣeyiɣi sia me la, 2mawu viwo kpɔ be amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe, eye woɖe wo dometɔ siwo nyo wo ŋu la. 3Tete Yehowa gblɔ be, “Mele be nye Gbɔgbɔ naganɔ amegbetɔwo me tegbee o, elabena amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ le goawo katã me. Woƒe agbemeŋkekewo anye ƒe alafa ɖeka kple blaeve.”
4Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu. 5Esime Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo vɔ̃ɖie, eye wòkpɔ be woƒe agbenɔnɔ ɖo ta nu vɔ̃ wɔwɔ ko gbɔ la, 6evee ŋutɔ be yewɔ amegbetɔ. Nu sia gbã dzi nɛ.
7Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.” 8Ke Yehowa kpɔ ŋudzedze le Noa ŋu.
Noa ƒe dzidzimeviwo ŋutinya
9Noa ƒe ŋutinya yi ale:
Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le ame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dome, eye wòzɔ kple Mawu. 10Ŋutsuvi etɔ̃ nɔ esi: Woawoe nye Sem, Ham kple Yafet.
11Azɔ la, nu vɔ̃ wɔwɔ ganɔ edzi yim wu tsã le xexea me godoo, eye Mawu kpɔ be nu vlo wɔwɔ na xexea me gblẽ keŋ.
12Mawu kpɔ ale si xexea me va gblẽe, elabena ame siwo katã nɔ xexea me la ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi. 13Ale Mawu gblɔ na Noa be, “Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa. 14Tsɔ dzati kpa aɖakaʋu, eye nàsi aŋɔ nɛ. Wɔ yaxɔƒewo ɖe eŋu kpe ɖo, eye nàwɔ nudzraɖoƒewo ɖe eme ƒe afi sia afi. 15Na wòadidi mita alafa ɖeka blaene (140), akeke mita blaeve-vɔ-etɔ̃, akɔkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. 16Ɖe fesre mita afã ɖe xɔ gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. Wɔ dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi.
17“Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃.
18“Ke mele nu blam kpli wò be makpɔ tawò le aɖakaʋu la me nànɔ dedie kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo. 19Nàtsɔ nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, atsu kple asi ade aɖakaʋu la me be woanɔ agbe le gbɔwò. 20Xevi ƒomevi ɖe sia ɖe, eveve, lã ƒomevi ɖe sia ɖe eveve kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana la eveve ava gbɔwò be nàde wo aɖakaʋu la me. 21Dzra nuɖuɖu si woawo kple miawo siaa miahiã la ɖo ɖe aɖakaʋu la me.” 22Eye Noa wɔ nu sia nu abe ale si Mawu ɖoe nɛ ene.

Obecnie wybrane:

1 Mose 6: AL

Podkreślenie

Udostępnij

Kopiuj

None

Chcesz, aby twoje zakreślenia były zapisywane na wszystkich twoich urządzeniach? Zarejestruj się lub zaloguj