Marko 7
7
Tɔgbuiwo ƒe nufiafia
(Mat 15.1-9)
1Farisitɔ kple agbalẽfiala aɖewo, siwo tso Yerusalem la ƒo ƒu ɖe Yesu gbɔ. 2Wokpɔ be eƒe nusrɔ̃la aɖewo ɖua nu asi maklɔmaklɔe, si gɔmee nye be womeklɔa asi ɖe kɔnu nu o. 3Enye kɔnu na Farisitɔwo kple Yudatɔwo katã be woaklɔ wo ɖokui ŋuti nyuie hafi aɖu nu. Woléa fɔ ɖe blematɔwo ƒe kɔnyinyiwo ŋuti pɛpɛpɛ. Ne wotso asi me gbɔ, 4eye womele tsi o la, womeɖua nu o. Nenema ke kɔnyinyi bubu geɖewo hã gali, siwo me wolé ɖe asi le kpluwo, nuɖanuwo, ganuwo [kple abatiwo] kɔklɔ ŋuti.
5Ale Farisitɔ kple agbalẽfiala siawo biae be: “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo ya mezɔna ɖe mía tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyi nu o, ke boŋ woɖua nu kple asi ƒoɖi?” 6#Yes 29.13. Yesu ɖo eŋu na wo be: “Yesaya ƒe nya, si wògblɔ le mi alakpatɔ siawo ŋuti la le eme vavã. Woŋlɔe ɖi be:
‘Dukɔ sia le subɔyem kple numenya viviwo ko,
ke woƒe dzi ya te ɖa xaa tso gbɔnye.
7 Wole subɔyem dzodzro,
elabe wole amegbetɔwo ƒe sededewo fiam ɖe
Mawu tɔ teƒe.’
8 Mieɖe asi le Mawu ƒe se la ŋu, eye mielé amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ya me ɖe asi sesĩe.”
9Egagblɔ hã be: “Mieto ayemɔ dzi, ɖe Mawu ƒe se la ɖa dzaa, be miawɔ ɖe miawo ŋutɔ miaƒe kɔnyinyi dzi. 10#Mos II, 20.12; Mos V, 5.16; Mos II, 21.17; Mos III, 20.9. Le kpɔɖeŋu me, esi Mose de se be: ‘Bu tɔ́wò kple nɔwò’, eye wògagblɔ hã be: ‘Ame si ke gblɔ nya vɔ̃ ɖe tɔ́a alo nɔa ŋuti la wonewui’ la, 11miawo ya miebe, ne ame aɖe agblɔ na edzilawo be: ‘Nunana si matsɔ na mi, alo viɖe si miakpɔ tso gbɔnye hafi la, zu vɔsanu na Mawu la, 12ekema megahiã be wòawɔ naneke na edzilawo o.’ 13Ale miewɔ be Mawu ƒe nya wòɖi gbɔlo to miaƒe kɔnyinyi si miefiana la me. Miewɔa nu bubu geɖe, siwo ɖi esiawo tɔgbe.”
Nu siwo ƒoa ɖi ame
(Mat 15.10-20)
14Yesu gayɔ ameha la va eɖokui gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Mi katã miɖo tom ne miase nu gɔme be 15naneke meli atso gota, age ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖii o, ke boŋ nu siwo le go dom tso ame me la, woawoe ƒoa ɖii. [ 16Ame si to senu li na la, nesee.] 17Esi wòdzo le ameha la gbɔ yi aƒeme la, eƒe nusrɔ̃lawo bia lododo la gɔmee. 18Eɖo eŋu na wo be: “Ame masenugɔmewo miawo hã mienyea? Ɖe miedze sii be nu sia nu si tsoa gota yina ɖe ame me la, mate ŋu aƒo ɖii oa? 19Elabe menye ame ƒe dzimee wògena ɖo o, ke boŋ eƒe dɔmee wòyina, eye wòdenɛ le nugodo.” Yesu fia le esia me be nuɖuɖuwo katã ŋu kɔ. 20Egblɔ be: “Nu si doa go tso ame me lae ƒoa ɖi ame. 21Elabe ame ƒe dzime kee susu vɔ̃wo doa go tsona: matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, 22ahasiwɔwɔ, ŋubiabiã, nuvɔ̃ɖi wɔwɔ, amebeble, hadzedze, ŋuʋaʋã, busubɔbɔ, dàda kple movidzɔdzɔ. 23Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso ame me, eye woawoe ƒoa ɖi ame.”
Nyɔnu aɖe ƒe xɔse
(Mat 15.21-28)
24Yesu dzo le afi ma yi ɖe Tiro-nutowo me. Eyi ɖe aƒe aɖe me, eye medi be ame aɖeke nanya o. Ke mete ŋu ɣla eɖokui o. 25Nyɔnu aɖe, si vinyɔnuvi me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la se eŋkɔ, eye wòtii vɛ enumake hedze klo ɖe eƒe afɔnu. 26Nyɔnu sia nye Helatɔ, si nye Sirofoinike vidzidzia. Eɖe kuku nɛ, be wòanyà gbɔgbɔ vɔ̃ la ado go tso ye vinyɔnuvi la me. 27Yesu gblɔ nɛ be: “Na ɖeviwo naɖi ƒo gbɔ, elabe medze be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe na avuwo o.” 28Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be: “Amegã, ele nenema baa. Gake avu siwo le nuɖukplɔ̃ te la hã ɖua ɖeviwo ƒe nuɖuɖu siwo duduna la ya faa ɖe!” 29Yesu gblɔ nɛ be: “Le wò nya sia ta la, heyi. Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwò nyɔnuvi la me.” 30Nyɔnua yi aƒeme, eye wòkpɔ ɖevia wòmlɔ anyi ɖe aba dzi, gbɔgbɔ vɔ̃ la do le eme.
Yesu da gbe le tokunɔ aɖetututɔ aɖe ŋu
31Yesu trɔ tso Tiro-nutoawo me yi ɖato Sidon kple Dutaewoawo ƒe nutome, hedo ɖe Galilea-ƒuta. 32Tete wotsɔ ame aɖe si nye tokunɔ, eye wòkɔkɔna la va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ be wòada asi ɖe edzi. 33Yesu ɖe kpɔ ŋutsua tso ameha la gbɔ, tsɔ eƒe asibidɛwo de eƒe towo me, eye wòɖe ta ɖo ŋutsua ƒe aɖe nu. 34Azɔ Yesu kpɔ dziƒo, ɖe hũ, hegblɔ nɛ be: “Ʋu!” si nye “Efata” le Hebri-gbe me. 35Enumake eƒe to ʋu, eƒe aɖeka hã ɖɔ ɖo, eye wòƒo nu nyuie. 36Yesu de se be womegagblɔ nya la na ame aɖeke o. Gake zi geɖe ale si wòde se na woe la, zi geɖe wu wokaka nya lae. 37Ame siwo katã see la ƒe mo wɔ yaa ŋutɔ, eye wogblɔ be: “Eɖɔ nuwo katã ɖo pɛ. Ena tokunɔwo se nu, eye aɖetututɔwo hã ƒo nu.”
Pašlaik izvēlēts:
Marko 7: EB14
Izceltais
Dalīties
Kopēt

Vai vēlies, lai tevis izceltie teksti tiktu saglabāti visās tavās ierīcēs? Reģistrējieties vai pierakstieties
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.