YouVersion logotips
Meklēt ikonu

Marko 6

6
Wogbe Yesu le Nazaret
(Mat 13.53-58; Luk 4.16-30)
1Yesu dzo le afi ma va eya ŋutɔ wo de, eye eƒe nusrɔ̃lawo le eyome. 2Esi Dzudzɔgbe ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la. Eƒe nufiafia wɔ mo yaa na ame geɖe siwo see la, eye wobia wo nɔewo se be: “Afi ka ame sia kpɔ nya siawo tsoe? Nunya ka ƒomevie nye esi wonae ale gbegbe! 3Ɖe menye eyae nye Maria vi, atikpala la oa? Menye nɔviawoe nye Yakobo, Yose, Yuda kple Simon oa? Nɔvia nyɔnuwo hã le mía dome le afi sia ɖe.” Ale eƒe nu ɖia wo nu. 4#Yoh 4.44. Ke Yesu gblɔ na wo be: “Amewo dea bubu Mawu ƒe gbeƒãɖela ŋu le afi sia afi, negbe le eya ŋutɔ wo de, eƒe ƒometɔwo kple eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo dome ko womebunɛ le o.” 5Ale mete ŋu wɔ ŋusẽdɔ geɖe le afi ma o. Dɔléla ʋɛ aɖewo ko dzi wòda asi ɖo heda gbe le wo ŋu. 6Wo detɔwo ƒe dzimaxɔse wɔ nuku nɛ ŋutɔ.
Yesu dɔ nusrɔ̃la wui eveawo
(Mat 10.5-15; Luk 9.1-6)
Yesu tsa le kɔƒe siwo ƒo xlã afi ma la me hele nu fiam amewo.
7Eyɔ ame wui eveawo va eɖokui gbɔ, eye wòde asi wo dɔdɔ me eveveve. Ena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi. 8Ede se na wo be, le woƒe mɔzɔzɔ me la, womegatsɔ naneke ɖe asi o, negbe atizɔti ko. Womatsɔ nuɖuɖu alo nubiakotoku o, eye ga aɖeke meganɔ go nu na wo o. 9Woado afɔkpa, gake womado dziwui eve o. 10Egblɔ na wo be: “Ne mieyi teƒe aɖe, eye miedze aƒe aɖe me la, minɔ afi ma va se ɖe esime miadzo le dua me. 11#Dɔw 13.51.#Luk 10.4-11. Ne miele dzodzom le afi si womexɔ mi le o, alo afi si wogbe be yewomase miaƒe nya le o la, miʋuʋu ké le miaƒe afɔwo ŋuti kɔ ɖe anyi, abe ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋu ene.” 12Woyi, eye woɖe gbeƒã, be amewo natrɔ dzime. 13#Yak 5.14. Wonyà gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo do goe, eye wosi ami na dɔnɔ geɖewo heda gbe le wo ŋu.
Yohanes mawutsilenamela ƒe ku
(Mat 14.1-12; Luk 9.7-9)
14 # Mat 16.14; Mar 8.28; Luk 9.19. Yesu ŋkɔ ɖi hoo. Fia Herodes see, eye wògblɔ be: “Yohanes mawutsilenamelae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eya ta ŋusẽdɔ siawo le eme vam to edzi ɖo.” 15Ame aɖewo gblɔ be: “Eliyae.” Bubuawo be: “Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖe, si ɖi blemagbeƒãɖelawo la ye.” 16Esi Herodes se nya siawo la, egblɔ be: “Yohanes, ame si nu mena wotso ta le lae wofɔ tso ame kukuwo dome.” 17#Luk 3.19, 20. Do ŋgɔ la, Herodes ŋutɔ dɔ ame wolé Yohanes tu ɖe gaxɔ me le Herodia ta, elabe Herodes xɔ Herodia, si nye eya ŋutɔ nɔvi, Filipo srɔ̃ la ɖe, 18eye Yohanes gblɔ nɛ be: “Se meɖe mɔ be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ aɖe o!” 19Esia ta Herodia lé fu Yohanes, eye wòdi be yeawui, gake mete ŋui o, 20elabe Herodes nya be Yohanes nye ame dzɔdzɔe kple ame kɔkɔe, eya ta evɔ̃e eye wòkpɔ egbɔ be ele dedie. Togbɔ be eƒe nyawo ɖea fu na eƒe dzitsinya ŋutɔ hã la, elɔ̃a wo sese. 21Gbe ɖeka la, nu si dim Herodia le la va dzɔ. Herodes ɖu eƒe dzigbeŋkeke, eye wòɖo kplɔ̃, kpe amegãwo kple aʋakplɔlagãwo kpakple Galilea ame ŋkutawo va nuɖuƒe. 22Herodia vinyɔnuvi ge ɖe nuɖuƒe la, eye wòɖu ɣe si dze Herodes kple ame kpekpeawo ŋu ale gbegbe be fia la gblɔ na nyɔnuvi la be: “Bia nu sia nu si nèlɔ̃ lam, eye matsɔe na wò.” 23Eka atam nɛ ɖe edzi be: “Matsɔ nu sia nu si nàbiam la ana wò, va se ɖe keke nye fiaɖuƒe ƒe afã ke gɔ̃ dzi.” 24Nyɔnuvi la do go yi ɖabia nɔa be: “Nu ka mabia?” Eɖo eŋu nɛ be: “Bia Yohanes mawutsilenamela ƒe ta.” 25Enumake nyɔnuvia ɖe abla va fia la gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Medi be nàtso Yohanes, mawutsilenamela ƒe ta, eye nàtsɔe ade agba me nam fifi laa.” 26Nya la ve fia la ŋutɔ gake le atam si wòka kple ame kpekpeawo hã ta la, melɔ̃ be yeada le yeƒe ŋugbedodo la dzi o. 27Enumake fia la ɖe gbe na ametatsola, be wòayi aɖatso Yohanes ƒe ta vɛ. Eyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ la me, 28eye wòtsɔ ta la ɖe agba me vɛ, hetsɔe na nyɔnuvi la. Nyɔnuvi la hã tsɔe yi na nɔa. 29Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo see la, woyi ɖatsɔ eƒe kukua ɖi.
Yesu na nu ame akpe atɔ̃ woɖu
(Mat 14.13-21; Luk 9.10-17; Yoh 6.1-14)
30Amedɔdɔawo trɔ gbɔ va Yesu gbɔ, eye wogblɔ nu siwo wowɔ kple nu siwo wofia la katã nɛ. 31Esia yome la, amewo nɔ wo gbɔ vam ale gbegbe be womekpɔ vovo aɖu nu gɔ̃ hã o. Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Miva ne míayi ɖe teƒe si ame aɖeke mele o la dzaa, ne miadzudzɔ ʋɛ.” 32Woɖo tɔdziʋu dzaa, hedzo yina ɖe afi si amewo mele o la. 33Ke ame geɖewo kpɔ wo dze sii, ale wonɔ du dzi tso du vovovoawo me ɖo ta afi si Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yina la, eye wotre teƒe la ɖoɖo na wo. 34#Mos IV, 27.17; Fia I, 22.17; Kron II, 18.16; Xez 34.5; Mat 9.36. Esi Yesu ɖi go la, ekpɔ ameha gã aɖe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, elabe wole abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene. Efia nu geɖe wo. 35Esi fiẽsi ɖo la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ nɛ be: “Teƒe sia tsò abo, eye zã le dodom. 36Do mɔ ameawo ne woayi agbleta kple kɔƒe siwo ƒo xlã mí la me, aɖadi nane aƒle aɖu.” 37Eɖo eŋu na wo be: “Miawo midi nu na wo ne woaɖu.” Wogblɔ be: “Ɖe míayi aɖaƒle abolo klosaloga alafa eve nu vɛ na wo, woaɖua?” 38Yesu gblɔ na wo be: “Miyi ɖakpɔe ɖa be abolo nenie le mia si mahã?” Wogbɔ va ɖo eŋu nɛ be: “Abolo atɔ̃ kple kalãmi eve li.” 39Yesu gblɔ be ameawo nebɔbɔ nɔ anyi le hatsotso hatsotso me, ɖe gbe mumu la dzi hena nuɖuɖu. 40Wonɔ anyi hame hame; ɖewo alafa, ɖewo bla atɔ̃. 41Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã eveawo, eye wòwu mo dzi heyra ɖe wo dzi. Eka aboloawo na eƒe nusrɔ̃lawo, be woama na ameawo, eye woma kalãmi eveawo hã ɖe wo katã dome. 42Ame sia ame ɖu nu, ɖi ƒo. 43Azɔ esi woƒo abolo kple kalãmi kakɛ siwo susɔ la nu ƒu la, kusi wui eve yɔ taŋ. 44Ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme de akpe atɔ̃.
Yesu zɔ tsi dzi
(Mat 14.22-33; Yoh 6.15-21)
45Yesu ƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be woage ɖe tɔdziʋu la me enumake adze ŋgɔ ayi ɖe Betsaida le go kemɛ dzi, ne yeado mɔ ameha la. 46Esi wòklã ameha la vɔ la, eyi ɖe togbɛ la dzi be yeado gbe ɖa. 47Zã do vɔ azɔ, eye tɔdziʋua hã ɖo ƒu la titina; ke Yesu ɖeka susɔ ɖe goa dzi. 48Ekpɔ be ʋua kuku sesẽ na nusrɔ̃laawo, elabe ya ƒo va le wo kpem. Le fɔŋli me la, ezɔ tsia dzi ɖo ta wo gbɔ, eye wòdi be yeato wo ŋu ayi. 49Ke esi nusrɔ̃laawo kpɔe wòle ƒua dzi zɔm la, wobu xaa be ŋɔlie, eye wo do ɣli! 50Wo katã wokpɔe, eye dzika tso wo ƒo. Tete Yesu ƒo nu na wo be: “Miaƒe dzi nedze me. Migavɔ̃ o. Nyee.” 51Ege ɖe tɔdziʋua me le wo gbɔ, eye yaƒoƒo la dzudzɔ. Ke woawo lulu, 52elabe womese nufiafia si le aboloawo ƒe nya me la gɔme o, eye woƒe susu mete ŋu lée o.
Yesu da gbe le amewo ŋu le Genezaret
(Mat 14.34-36)
53Esi wotso ƒua la, woɖi go ɖe Genezaret-nyigba dzi. 54Esi wole ɖiɖim le tɔdziʋua me la, amewo kpɔ Yesu dze sii enumake. 55Zi tɔ le nutoa me godoo, eye wotsɔ dɔnɔwo ɖe woƒe abawo dzi va afi si wose be Yesu le la. 56Teƒe ɖe sia ɖe si Yesu yi, eɖanye kɔƒe, du alo agbleta o, wotsɔa dɔnɔwo va dana ɖe ablɔwo dzi, eye woɖea kuku nɛ be, nenye eƒe awu to ɖeɖe ko yewoaka asii hã la, anyo. Ame geɖe ale sinu ka asi eŋu la haya.

Pašlaik izvēlēts:

Marko 6: EB14

Izceltais

Dalīties

Kopēt

None

Vai vēlies, lai tevis izceltie teksti tiktu saglabāti visās tavās ierīcēs? Reģistrējieties vai pierakstieties