Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose I 50

50
1Tete Yosef dze tɔ́a dzi kple avi, eye wògbugbɔ nu nɛ. 2Emegbe Yosef ɖe gbe na eƒe dɔla atikewɔlawo be woasi atike na ye tɔ́. Ale atikewɔlawo si atike na Israel. 3Atikesisi la xɔ ŋkeke bla ene elabe nu geɖe hiã nɛ. Egiptetɔwo fa nɛ ŋkeke bla adrẽ.
4Le konyifaɣi la megbe la, Yosef gblɔ na Egipte Fiagã la ŋutimewo be: “Meɖe kuku, mive nunye ne miayi ɖagblɔ na fia be 5#Mos I, 47.29-31. hafi tɔ́nye naku la, ena meka atam nɛ be ne yeku la, maɖi ye ɖe Kanaan-nyigba dzi, ɖe yɔdo si ye ŋutɔ yeɖe da ɖi la me. Eya ta meɖe kuku, miɖe mɔ nam ne mayi aɖaɖii ɖe afi ma agatrɔ agbɔ.” 6Egipte Fiagã ɖo eŋu be: “Yi ɖaɖi tɔ́wò abe ale si wòna nèka atam nɛ la ene.” 7Ale Yosef dze mɔ be yeaɖaɖi ye tɔ́. Egipte Fiagã ƒe subɔlawo katã, eŋutimewo kple dukɔmemegãwo katã yi kplii. 8Yosef ƒe ƒometɔwo katã, nɔviawo kple tɔ́a ƒe ƒometɔwo katã hã yi kplii. Wo vi suewo, alẽwo kple gbɔ̃wo kpakple nyiwo ko wogblẽ ɖe megbea le Gosen-nyigba dzi. 9Amewo le tasiaɖamwo me, eye ɖewo le sɔwo dzi kplɔe yii. Ameha si yi la sɔ gbɔ ŋutɔ. 10Esi wova ɖo lugbɔƒe le Atad le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome la, wofa Yakob vevie kple ɣli. Wofa na tɔ́a ŋkeke adrẽ. 11Kanaantɔ siwo nye anyigba la dzi tɔwo la kpɔ kunua teƒe le Atad, eye wogblɔ be: “Egiptetɔwo va le kunu tɔxɛ aɖe wɔm.” Eya ta woyɔa teƒe ma be Abel-Mizraim. 12Ale Yakob viŋutsuawo wɔ nu si wògblɔ be wonewɔ na ye la nɛ. 13#Dɔw 7.16. Esi woɖo Kanaan la, woɖii ɖe kpeto si le Maxpela, le Mamre ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Kpeto sia le agble si Abraham ƒle le Efron, Xititɔ la si be wòanye yeƒe ameɖiƒe la me. 14Esi Yosef ɖi tɔ́a vɔ la, eya kple nɔviawo kpakple ame siwo katã kpe ɖe eŋu yi amea ɖiƒe la trɔ gbɔ va Egipte.
Yosef de dzi ƒo na nɔviawo
15Esi Yosef nɔviwo kpɔ be yewo tɔ́ ku la, wogblɔ be: “Ɖewohĩ Yosef alé fu mí, eye wòaɖo nu vlo siwo katã míewɔ ɖe eŋu la teƒe na mí.” 16Ale wodɔ ame ɖo ɖe Yosef gbɔ be: “Tɔ́wò gblɔ nya sia na mi hafi ku: 17‘Migblɔ na Yosef be: Taflatsɛ, tsɔ nɔviwòwo ƒe vodada kple nuvɔ̃ ke wo, elabe wowɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò.’ Azɔ míeɖe kuku na wò, tsɔ tɔ́wò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo ƒe vodada ke wo.” Yosef fa avi esi woƒo nu kplii.
18Azɔ nɔviawo ŋutɔ yi egbɔ. Wodze klo, de ta agu nɛ, eye wogblɔ be: “Kpɔ ɖa, míawoe nye esi. Wò kluviwo míenye.” 19Ke Yosef gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o. Mawu teƒe melea? 20Miawo mieɖoe be yewoawɔ vɔ̃m, ke Mawu trɔe wòzu nyui, be wòaxɔ ame geɖe ɖe agbe abe ale si wòdzɔ miele kpɔkpɔm egbe ene. 21Eya ta migavɔ̃ o. Malé be na mi kple mia viwo siaa.” Ale Yosef fa akɔ na wo, eye wòde dzi ƒo na wo.
Yosef ƒe ku
22Yosef ganɔ Egipte kple tɔ́a ƒemetɔwo. Exɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. 23Enɔ agbe tsò Efrayim ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔviwo ɖo, eye wònɔ anyi xɔ Maxir, Manase vi, hã viwo ɖe ata ta. 24Gbe ɖeka Yosef gblɔ na nɔviawo be: “Nye kuɣi ɖo; Mawu aɖo ŋku mia dzi, eye wòakplɔ mi tso anyigba sia dzi ayi anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi.” 25#Mos II, 13.19; Yos 24.32; Heb 11.22. Tete Yosef na Israelviwo ka atam nɛ be: “Ne Mawu va mia kplɔ ge la, mitsɔ nye ƒuwo tso afii yii.” 26Yosef ku le Egipte esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. Wosi atike na eƒe kukua, eye wokɔe de aɖaka me le Egipte.

Currently Selected:

Mose I 50: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo