Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose I 49

49
Yakob ƒe nya mamlɛawo
1Yakob yɔ viawo vɛ, eye wògblɔ na wo be: “Miƒo ƒu, ne magblɔ nu si le dzɔdzɔ ge ɖe mia dzi le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la na mi.
2“Yakob viwo, mite va ƒo ƒu,
eye miɖo to.
Mise nye, mia tɔ́, Israel, ƒe nya.”
3“Ruben, nye ŋgɔgbevi, wòe nye nye ŋusẽ
kple nye ɖekakpuimevi gbãtɔ.
Èdze bubu, eye èsesẽ wu
vinyewo katã.
4Ke èle abe tsi fiefie si gbagba la ene;
màganye vi vevitɔ nam akpɔ o.
Elabe ède tɔ́wò ƒe aba dzi,
eye nèdo gu aba la.
Ẽ, nye ŋutɔ nye aba dzi
nède gbe ma gbe!”
5“Simeon kple Levi: nɔviŋutsuwo,
wotsɔ woƒe lãnuwo do hlɔ̃e.
6Nye luʋɔ, megade adaŋu kpli wo o.
Nye gbɔgbɔ, megade ha kpli wo hã o,
elabe wowua ame le dziku me,
eye le woƒe movidzɔdzɔ me la,
wotso drika na nyitsuwo.
7Woƒe dziku neɖi wo ŋu,
elabe ŋɔdzi le eŋu.
Woƒe dɔmedzoe neɖi wo ŋu,
elabe evɔ̃ɖi.
Mama wo me ɖe Yakob ƒe anyigba dzi,
eye maka wo ahlẽ ɖe Israel-nyigba dzi.”
8“Yuda, nɔviwò ŋutsuwo akafu wò.
Àlé vehlo na wò futɔwo;
tɔ́viwòwo abɔbɔ ta na wò.
9 # Mos IV, 24.9; Nyaɖ 5.5. Dzatavie nye Yuda.
Le nuléle ta, vinye, ànɔ to dzi.
Emlɔ anyi tsyɔ akɔ abe dzatatsu ene,
eye abe dzatanɔ ene;
ame ka ate ŋu aʋuʋui?
10Atamkayi mavɔ le Yuda si o,
eye sewɔtikplɔ maɖe ɖa le ekɔme akpɔ o,
va se ɖe esime woava xe adzɔ nɛ,
eye dukɔwo aɖo toe.
11Ade ka eƒe tedzivi ɖe wainka ŋu,
eye wòade ka eƒe tedzinɔ ƒe vi
ɖe wainka nyui ƒe alɔdzewo ŋu.
Anya eƒe avɔ le wain me,
eye wòanya eƒe awu
le waintsetse me tsi me.
12Wain ana eƒe ŋku nabiã hẽe;
notsi ana eƒe aɖu nafu tititi.”
13“Zebulon anɔ ƒutanyigba dzi.
Ʋudzeƒewo anɔ eƒe ƒu nu,
eye eƒe anyigba akeke ade keke Sidon ke.”
14“Isaxar nye tedzi sesẽ.
Etsyɔ akɔ anyi ɖe lãkpɔwo dome.
15Ekpɔ be dzudzɔƒe la dze eme na ye,
eye anyigba la nyo.
Ale wòbi abɔta
be yeatsɔ agba,
eye wozi edzi wòzu kluvi agbatsɔla.”
16“Dan akplɔ eƒe dukɔ
abe Israel-to bubuwo ke ene.
17Dan anye da tsomɔ,
dzakpata le afɔmɔ dzi.
Eɖua sɔ ƒe afɔkpodzi,
eye sɔdola dzea anyi megbemegbee.
18O Aƒetɔ, wò xɔname la ko lalam mele!”
19“Adzohawo ava dze Gad dzi;
ke ayɔ̀ wo ɖe nu, aha wo.”
20“Aser ƒe nuɖuɖu ada mi,
eye fia ƒe nuɖuɖu viviwo atso egbɔ.”
21“Naftali nye zinɔ le eɖokui si.
Edzia vi nyakpɔwo.”
22“Yosef nye atilɔ tseku le tsidzɔƒe.
Eɖe alɔ flɔ gli ta.
23Eƒe futɔ aŋutrɔdalawo dze edzi,
tee, eye woɖe fu nɛ vevie.
24Ke eƒe dati meʋã o.
Yakob ƒe Mawu ŋusẽtɔ la,
wɔ eƒe asi wòle tsɔtsɔm
to Alẽkplɔla, Israel ƒe Agakpe la ŋkɔ me.
25To tɔ́wò ƒe Mawu, ame si akpe ɖe ŋuwò,
to Mawu Ŋusẽkatãtɔ, ame si ayra wò
kple yayra tso dziƒo,
yayra tso agume ke,
yayra tso no nu kple vidzidɔ me,
la dzi.
26Tɔ́wò ƒe yayra gbɔ to mavɔwo tɔ
kple togbɛ mavɔwo ƒe nu gbogboawo ŋu.
Na nenɔ Yosef ƒe ta dzi,
eye wòanɔ ame si wosa ɖe aga la ƒe ŋgonu.”
27“Benyamin nye amegãxi nuvuvula.
Le ŋdi la, eɖua nu si wòlé la;
fiẽ la, emaa aboyonuwo.”
28Israel-to wui eveawoe nye esiawo, eye nya mamlɛtɔ siwo wo tɔ́a gblɔ na wo dome ɖe sia ɖe tsɔ yrae abe ale si dze nɛ ene lae nye esiawo.
Yakob ƒe ku kple eɖiɖi
29Tete Yakob gblɔ na viawo be: “Fifia la, mele dzodzo ge ayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe wo xa le kpeto si le Efron, Xititɔ la ƒe agble me la me. 30#Mos I, 23.3-20. Kpeto sia le Maxpela, le Mamre ƒe ɣedzeƒe lɔƒo le Kanaan-nyigba dzi. Tɔgbuinye Abraham ƒle agblea kple kpetoa le Efron si be wòanye yeƒe ameɖiƒe. 31#Mos I, 25.9, 10; Mos I, 35.29. Afi mae woɖi Abraham ŋutɔ kple srɔ̃a Sara ɖo. Afi ma kee woɖi Isak kple srɔ̃a Rebeka ɖo, eye eyae nye hã meɖi Lea ɖo. 32Ɖe woƒle agblea kple kpeto si le eme la le Xiti viwo si. Miɖi nye hã ɖe afi ma.” 33#Dɔw 7.15. Esi Yakob gblɔ nya siawo na viawo vɔ la, eƒo ƒu ata ɖe aba dzi, mia nu, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔ.

Currently Selected:

Mose I 49: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo