Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose I 48

48
Yakob yra Efrayim kple Manase
1Esiawo megbe la, wogblɔ na Yosef be: “Kpɔ ɖa, tɔ́wò le dɔ lém.” Ale wòkplɔ via ŋutsu eveawo, Manase kple Efrayim, woyi egbɔ. 2Esi wogblɔ na Yakob be: “Viwò Yosef va be yeakpɔ wò ɖa” la, Israel do ŋusẽ eɖokui fɔ, henɔ aba la dzi. 3#Mos I, 28.13, 14. Yakob gblɔ na Yosef be: “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖe eɖokui fiam le Luz le Kanaan-nyigba dzi eye wòyram. 4Egblɔ nam be: ‘Mana nàdzi fũu, eye wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ zã, eye mana woazu dukɔ geɖewo. Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo be wòanye wo tɔ tegbee.’ 5Azɔ viŋutsu eve siwo wodzi na wò le Egipte hafi meva gbɔwò la zu vinyewo. Efrayim kple Manase le nam pɛ abe Ruben kple Simeon ene. Woazu tɔnye. 6Ke vi siwo nèdzi ɖe wo yome la nanye tɔwò. Woawo akpɔ woƒe domenyinuwo tso wo nɔvi Efrayim kple Manase ƒe domenyinuwo me. 7#Mos I, 35.16-19. Esi metrɔ tso Padan-Aram gbɔna ɖe Kanaan, eye wòsusɔ vie maɖo Efrat la, nɔwò Raxel ku le mɔ dzi. Meɖii ɖe mɔ to le Efrat.” Woyɔa Efrat fifia be Betlehem.
8Esi Israel kpɔ Yosef viwo la, ebia be: “Ame kawoe nye esiawo?” 9Yosef ɖo eŋu na tɔ́a be: “Viŋutsu siwo Mawu nam le afii la woe.” Yakob gblɔ be: “Kplɔ wo vɛ nam ne mayra wo.” 10Israel tsi, eye eƒe ŋku le tsitsim ale be megate ŋu le nu kpɔm nyuie o. Esi Yosef kplɔ via eveawo te ɖe eŋu la, Yakob kpla asi kɔ na wo hegbugbɔ nu na wo. 11Tete Israel gblɔ na Yosef be: “Nyemebui be magakpɔ wò ŋkume gbeɖe o, ke azɔ Mawu wɔe meva kpɔ viwòwo gɔ̃ hã.” 12Emegbe Yosef kɔ ɖeviawo ɖa le tɔ́a ƒe ata ta, eye wòdze klo, de ta agu ɖe tɔ́a ŋkume. 13Azɔ Yosef lé via eveawo ɖe asi. Efrayim le eƒe ɖusime, si nye Israel ƒe miame, eye Manase le eƒe miame, si nye Israel ƒe ɖusime. Ekplɔ wo te ɖe tɔ́a ŋu. 14Ke Israel tso ga eƒe abɔwo, eye wòda eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe tame, togbɔ be eyae nye ɖevitɔ hã. Eda eƒe miasi ɖe Manase si nye tsitsitɔ la ƒe tame. 15Tete wòyra Yosef gblɔ be:
“Mawu si ƒe ŋkume tɔ́nyewo Abraham
kple Isak zɔ le,
Mawu si kplɔm le nye agbe me ŋkekewo katã me
va ɖo egbe,
16mawudɔla si ɖem
tso vɔ̃wo katã me la,
neyra ɖevi siawo!
Nye ŋkɔ, tɔ́nyewo Abraham
kple Isak ŋkɔ,
nenɔ ɖevi siawo ŋu ɖaa.
Wonedzi ɖe edzi
le anyigba la dzi.”
17Esi Yosef kpɔ be ye tɔ́ da eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe tame la, medze eŋu o, eya ta elé tɔ́a ƒe asi be yeaɖee ɖa le Efrayim ƒe tame ada ɖe Manase tɔ. 18Yosef gblɔ na tɔ́a be: “Tɔ́nye, menye nenemae o. Ŋgɔgbetɔe nye esi; tsɔ wò nuɖusi da ɖe eya ƒe tame.” 19Ke tɔ́a gbe hegblɔ be: “Menya, vinye, menya! Eya hã ƒe dzidzimeviwo hã ava zu dukɔ gã aɖe. Gake nɔvia ɖevitɔ ade ŋgɔ wui, eye eƒe dzidzimeviwo ava zu dukɔ gãwo.” 20#Heb 11.21.Ale wòyra wo gbe ma gbe gblɔ be:
“Miaƒe ŋkɔ Israelviwo atsɔ ayra amee,
agblɔ be:
‘Mawu neɖi na wò abe Efrayim kple Manase ene!’ ”
To esia me la, Yakob trɔ Efrayim wòzu tsitsia na Manase. 21Azɔ Yakob gblɔ na Yosef be: “Kpɔ ɖa, nye kuɣi ɖo. Mawu anɔ kpli mi, eye wòagbugbɔ mi ayi mia tɔgbuiwo ƒe anyigba la dzi. 22Gawu la, metsɔ tonyigba si mexɔ le Amoritɔwo si kple nye ŋutɔ nye yi kple dati la na wò boŋ ɖe nɔviwòwo teƒe.”

Currently Selected:

Mose I 48: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo