Mose I 42
42
Yosef nɔviwo yi Egipte bli ƒle ge
1Esi Yakob se be bli le Egipte la, egblɔ na viawo be: “Ale ke wɔ miele afii le mia nɔewo ƒe mo kpɔm? 2#Dɔw 7.12. Mese be bli le Egipte, eya ta miyi ɖaƒle ɖe vɛ ne dɔ nagawu mí míaku o!” 3Ale Yosef nɔviwo dometɔ ewo dzra ɖo be yewoayi Egipte aɖaƒle blia. 4Gake Yakob meɖe mɔ na Benyamin, Yosef dadavi, ya be neyi kple wo o, elabe evɔ̃ be nu vevi ava wɔe. 5Tete Israelviwo va Egipte bli ƒle ge, abe ame bubuwo ene, elabe dɔ to le Kanaan-nyigba dzi.
6Le ɣe ma ɣi me la, Yosef nye mɔ́mefia le dukɔa me, eye eyae dzraa bli na ame siwo katã tso xexea me godoo va la. Yosef nɔviwo va, eye wodze klo de ta agu nɛ. 7Esi Yosef kpɔ nɔviawo la, edze si wo, gake ewɔ ɖe wo ŋu abe ɖe menya wo kura o ene. Etɔ gbe wo be: “Afi ka mietso?” Woɖo eŋu be: “Míetso Kanaan-nyigba dzi, va bli ƒle ge.” 8Togbɔ be Yosef dze si nɔviawo hã la, woawo ya medze sii o. 9#Mos I, 37.5-10. Eɖo ŋku drɔ̃e si wòku le wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo be: “Ŋkutsalawo mienye. Ɖe mieva be yewoadi mɔnu le míaƒe anyigba la ŋu.” 10Woɖo eŋu be: “Gbeɖe, amegã, wò dɔlawo míenye; nuɖuɖu ko ƒle ge míeva. 11Ŋutsu ɖeka viwo mí katã míenye. Menye ŋkutsalawo míenye o, amegã, ke boŋ nuteƒewɔlawo míenye.” 12Yosef ɖo eŋu na wo be: “Kpao, mɔnu di ge mieva le míaƒe anyigba la ŋu!” 13Woxɔ edzi be: “Nɔvi wui eve míenye henye ŋutsu ɖeka viwo le Kanaan-nyigba dzi. Mía nɔvi ɖeka megali o, eye mía nɔvi ɖevitɔ ya tsi mía tɔ́a gbɔ.” 14Yosef ɖo eŋu na wo be: “Eya ko megblɔ be ŋkutsalawo mienye la! 15Mele mia do ge kpɔ ale: Metà Egipte Fiagã la! Miele dzodzo ge le afii akpɔ o, negbe ɖeko mia nɔvi ɖevitɔ la va afii hafi! 16Midɔ mia dometɔ ɖeka ɖa ne wòaɖakplɔe vɛ. Ke mi ame mamlɛawo ya la, mianɔ ga me va se ɖe esime manya kɔtɛe be nyateƒe tom miele. Evɔ ne menye nenem o la, metà fia, ŋkutsalawo mienye.” 17Yosef lé wo de ga me ŋkeke etɔ̃.
18Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Yosef gblɔ na wo be: “Mawuvɔ̃la menye, eya ta ne miedi be yewoatsi agbe la, miwɔ nya si gblɔ ge mala na mi la dzi. 19Nenye nyateƒe tom miele la, ekema mina mia nɔvi ɖeka natsi ga me le afii ne miadzo. Mi ame mamlɛawo mitsɔ blia yi na mia tɔwo le aƒea ne woatsɔ lé dɔwuame la nu. 20Ne mieyi la, mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ la vɛ nam bene manya be nyateƒe tom miele, ne nyemagawu mi o.” Wolɔ̃ ɖe nya sia dzi, 21eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Le nyateƒe me la, nu si míewɔ mía nɔvia tae míeɖo xaxa sia me ɖo. Togbɔ be míekpɔ be dzidzi ƒo mía nɔvia, eye wòɖe kuku na mí vevie ʋuu hã la, ɖeko míedo tokui! Eya tae míeɖo xaxa sia me fifia.” 22#Mos I, 37.21, 22. Ruben gblɔ na wo be: “Megblɔ na mi be migawɔ vɔ̃ aɖekee o, gake miegbe. Azɔ la, wole to hem na mí ɖe eƒe ku ta.” 23Ke womenya be Yosef se nyaawo o, elabe gbesela dzie woƒo nu toe. 24Tete Yosef dzo le wo gbɔ ɖafa avi. Egatrɔ va wo gbɔ, eye wòƒo nu kple wo. Eɖe Simeon le wo dome, eye wòna woblae le wo katã ŋkume.
Yosef nɔviwo gatrɔ yi Kanaan
25Emegbe la, Yosef ɖe gbe be woade bli nɔviawo ƒe kotokuawo me woayɔ, woatsɔ ame sia ame ƒe ga ade eƒe kotokua me, eye woana nuɖuɖu wo hena mɔzɔzɔ. Ameawo wɔ ɖe edzi. 26Wodo bligba na woƒe tedziwo, eye wodze mɔ. 27Esi woɖo afi si woatsi dɔ la, wo dometɔ ɖeka ʋu eƒe kotokua nu be yeana nuɖuɖu yeƒe tedzi. Kasia ekpɔ ga si wòtsɔ xe fee la le blia dzi. 28Eyɔ nɔviawo gblɔ na wo be: “Wogbugbɔ nye ga nam! Eyae nye esi le nye kotokua me!” Tete dzika tso wo ƒo, eye wodzo nyànyanya hebia wo nɔewo be: “Nu kae nye esi Mawu wɔ mí?”
29Esi wogbɔ va wo tɔ́ Yakob gbɔ le Kanaan-nyigba dzi la, wogblɔ nya siwo katã dzɔ ɖe wo dzi la nɛ. Wogblɔ be: 30“Anyigba la dziɖula he nya ɖe mía ŋu vevie. Ebu mí ŋkutsalawoe. 31Ke míegblɔ nɛ be menye ŋkutsalawo míenye o; ke boŋ nuteƒewɔlawo míenye. 32Nɔvi wui eve siwo nye ŋutsu ɖeka viwo míenye. Mía nɔvi ɖeka megali o, eye mía nɔvi ɖevitɔ ya le mía tɔ́ gbɔ ɖa le Kanaan-nyigba dzi. 33Tete dziɖula la gblɔ na mí be: ‘Nu si matsɔ ado mi kpɔ be nyateƒetolawo mienye lae nye esi: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye, eye mi ame mamlɛawo miatsɔ blia ayi na miaƒe ƒomeawo bene woatsɔ alé dɔwuame la nu. 34Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ la vɛ nam, ne manya be menye ŋkutsalawo mienye o, ke boŋ nyateƒe tom miele; ekema maɖe asi le mia nɔvi si le asinye me la ŋu na mi, eye miate ŋu anɔ anyigba sia dzi awɔ dɔ.’ ”
35Azɔ esi wotrɔ blia le kotokuawo me la, wo dometɔ ɖe sia ɖe kpɔ be yeƒe ga le kotokua me. Esi woawo kple wo tɔ́ kpɔ gaa la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. 36Tete wo tɔ́ Yakob gblɔ na wo be: “Miena vinyewo ku nam vɔ! Yosef megali o; Simeon hã megali o. Azɔ miedi be yewoagaxɔ Benyamin hã. Nye ɖeka ko dzie nya siawo katã le dzɔdzɔm ɖo.” 37Ruben gblɔ na tɔ́a be: “Ne nyemekplɔ Benyamin gbɔe na wò o la, àte ŋu awu vinye ŋutsuvi eveawo faa. Wò ya tsɔe de asi nam ko; makplɔe agbɔe na wò.” 38Ke Yakob ɖo eŋu be: “Vinye la mayi kpli mi gbeɖe o; dadavia ku, eye eya ɖeka koe susɔ ɖi. Ne dzɔgbevɔ̃e aɖe dzɔ ɖe edzi le mɔa dzi la, miana matsɔ ta ɣi ayi tsiẽƒe kple nuxaxa.”
Currently Selected:
Mose I 42: EB14
Tya elembo
Kabola
Copy

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.