1
Mose I 42:21
EƲEGBE BIBLIA
eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Le nyateƒe me la, nu si míewɔ mía nɔvia tae míeɖo xaxa sia me ɖo. Togbɔ be míekpɔ be dzidzi ƒo mía nɔvia, eye wòɖe kuku na mí vevie ʋuu hã la, ɖeko míedo tokui! Eya tae míeɖo xaxa sia me fifia.”
Kokisana
Luka Mose I 42:21
2
Mose I 42:6
Le ɣe ma ɣi me la, Yosef nye mɔ́mefia le dukɔa me, eye eyae dzraa bli na ame siwo katã tso xexea me godoo va la. Yosef nɔviwo va, eye wodze klo de ta agu nɛ.
Luka Mose I 42:6
3
Mose I 42:7
Esi Yosef kpɔ nɔviawo la, edze si wo, gake ewɔ ɖe wo ŋu abe ɖe menya wo kura o ene. Etɔ gbe wo be: “Afi ka mietso?” Woɖo eŋu be: “Míetso Kanaan-nyigba dzi, va bli ƒle ge.”
Luka Mose I 42:7
Ndako
Biblia
Bibongiseli
Bavideo