Mose I 41
41
Yosef ɖe fia la ƒe drɔ̃ewo gɔme
1Le ƒe eve megbe la, Egipte Fiagã ku drɔ̃e be yenɔ tsitre ɖe Nil-tɔsisi to, 2eye yekpɔ nyinɔ dami adrẽ siwo nyakpɔ ŋutɔ la wodo go tso tɔsisia me va le gbe ɖum le avawo me. 3Emegbe nyinɔ adrẽ bubuwo hã do va; woawo ya ɖi ku glàŋuu. Wova le tsitre ɖe nyinɔ kemɛawo gbɔ le tɔsisia to. 4Kasia ɖeko nyinɔ ɖikuawo lé damitɔwo mi! Tete fia la nyɔ. 5Egayi alɔ̃ me, eye wòku drɔ̃e zi evelia. Ekpɔ lutsetse adrẽ siwo ʋã nyuie, eye wonyakpɔ la le luti ɖeka ŋu. 6Emegbe lutsetse adrẽ siwo ɣedzeƒeya lé, eye wodze heteku la hã do. 7Kasia lutsetse míamiawo lé ʋaʋãtɔwo mi. Enyɔ, eye wòkpɔ be drɔ̃e kum yenɔ. 8#Dan 2.2. Esi ŋu ke la, Egipte Fiagã la tɔtɔ, ale wòdɔ woyi ɖayɔ afakalawo kple nunyala siwo katã le Egipte-dukɔa me la vɛ. Elĩ drɔ̃eawo na wo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe ɖeke gɔme nɛ o.
9Tete ahakulawo ƒe amegã la gblɔ na fia la be: “Meɖo ŋku vodada aɖe si mewɔ la dzi egbe. 10Esi nèdo dɔmedzoe ɖe nye kple aboloƒolawo ƒe amegã ŋu, eye nèna wolé mí de gaxɔ me le fiaŋumewo ƒe amegã ƒeme la, 11nye kplii míeku drɔ̃e vovovo le zã ɖeka ma me. Drɔ̃eawo gɔmeɖeɖe le vovovo. 12Hebri-ɖekakpui aɖe si nye fiaŋumewo ƒe amegã ƒe kluvi la nɔ mía gbɔ le afi ma. Míelĩ míaƒe drɔ̃eawo nɛ, eye wòɖe wo gɔme na mí. 13Ale si wòɖe drɔ̃eawo gɔme na mí la, nenema tututu wova emee. Ègatsɔm ɖo nye dɔ nu, ke èna wode ka ve na aboloƒolawo ƒe amegã ya.”
14Tete Egipte Fiagã la dɔ be woayɔ Yosef vɛ, eye woɖee le gaxɔa me enumake. Elũ ge, ɖɔli eƒe awuwo, eye wòva Fiagã la gbɔ. 15Egipte Fiagã la gblɔ nɛ be: “Meku drɔ̃e, ame aɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese le ŋuwò be ne wolĩ drɔ̃e na wò la, ètea ŋu ɖea egɔme.” 16Yosef ɖo eŋu be: “Mawu aɖe drɔ̃ea gɔme na fia wòadze eŋu; menye nye o.” 17Fiagã la lĩ drɔ̃ea be: “Meku drɔ̃e be mele tsitre ɖe Nil-tɔsisi to. 18Kasia mekpɔ nyinɔ dami adrẽ siwo nyakpɔ ŋutɔ la do tso tɔsisi la me va le gbe ɖum. 19Woawo yome la, nyinɔ bubu adrẽ siwo ɖi ku glàŋuu la hã do. Nyemekpɔ nyinɔ siwo vlo abe emawo tɔgbe ene le Egipte-nyigba blibo la dzi kpɔ o. 20Enumake nyinɔ ɖiku vloawo lé nyinɔ dami gbãtɔ adrẽawo mi. 21Gake esi womi wo hã la, ɖeko wogale abe ɖe womemi naneke o ene; woƒe dzedzeme gavlo abe tsã ene. Kasia menyɔ. 22Emegbe megaku drɔ̃e bubu. Mekpɔ lutsetse adrẽ siwo ʋã nyuie, eye wonyakpɔ la le luti ɖeka ŋu. 23Le woawo yome la, lutsetse adrẽ siwo ɣedzeƒeya lé womía, eye wotsi to nu la do. 24Kasia lutsetse míamiawo lé ʋaʋãtɔwo mi. Melĩ drɔ̃e siawo na afakalawo, gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o.”
25Tete Yosef gblɔ na Fiagã la be: “Fiagã bubutɔ, gɔmeɖeɖe ɖekae li na wò drɔ̃e eveawo. Nu si Mawu ɖo be yeawɔ la, eyae wòɖe fia wò. 26Nyinɔ dami adrẽawo nye adrẽ, eye lutsetse ʋaʋã adrẽawo hã nye ƒè adrẽ. Drɔ̃e eveawo sɔ. 27Nyinɔ ɖiku vlo adrẽ siwo do evelia la nye ƒè adrẽ. Lutsetse adrẽ siwo ɣedzeƒeya lé wotsi to nu la hã nye ƒè adrẽ, siwo me dɔ ato le. 28Abe ale si megblɔ na wò va yi ene la, nu si wɔ ge Mawu le lae wòɖe fia wò. 29Ƒè adrẽ gbɔna, eye nuɖuɖu abɔ ŋutɔ ɖe Egipte-nyigba blibo la dzi. 30Emegbe dɔ ato ƒè adrẽ, eye amewo aŋlɔ ale si nuɖuɖu bɔ ɖe Egipte-nyigba dzi kpɔ la be keŋ, elabe dɔŋɔli la agblẽ nu le anyigba la ŋu vevie. 31Dɔ la nu asẽ ale gbegbe be amewo maganya kura be nuɖuɖu bɔ ɖe anyigba la dzi kpɔ o. 32Azɔ la, Mawu na nèku drɔ̃e la zi eve elabe eɖo nu si wɔ ge wòle la kplikpaa; ele nàna ge wòava eme kaba. 33“Eya ta azɔ la, di nunyala aɖaŋudzela aɖe ɖo Egipte-nyigba la nu. 34Di dɔdzikpɔlawo hã ɖo anyigba la dzi kaba, ale be ne nuɖuɖu bɔ fũu le ƒè adrẽ me la, woadzɔ nuawo ƒe akpa atɔ̃lia le dukɔa me. 35Azɔ na ŋusẽ dɔdzikpɔla siawo be woaƒo ƒu nuɖuɖu le ƒè nyui siwo me nuɖuɖu le bɔbɔ ge la me, woatu nuɖuɖudzraɖoƒewo ɖe duwo me, eye woanɔ wo dzi kpɔm na wò. 36Nuɖuɖua ava zu megbedenu na dukɔ la, ale be ne dɔ to le Egipte-nyigba la dzi ƒè adrẽ la, woava wɔ eŋudɔ, bene dɔwuame nagatsrɔ̃ ame le dukɔa me o.”
Wotsɔ Yosef ɖo mɔ́mefia ɖe Egipte-dukɔ nu
37Nya sia dze fia la kple eŋumewo katã ŋu. 38Tete fia la bia eŋumeawo be: “Ɖe míate ŋu akpɔ ame aɖe si me Mawu ƒe gbɔgbɔ la le abe ame sia enea?” 39Ale Fiagã la gblɔ na Yosef be: “Esi Mawu ɖe nu siawo katã fia wò ta la, efia be ame nyanu aɖaŋudzela aɖeke meli abe wò ene o. 40#Dɔw 7.10. Eya ta wò koe matsɔ ɖo nye dukɔ nu. Dukɔ blibo la aɖo to wò. Nye, ame si le fiazikpui la dzi, koe anye ta na wò.” 41Fia la gagblɔ be: “Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo Egipte-nyigba blibo la nu.” 42#Dan 5.29. Tete Egipte Fiagã la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi do na Yosef, do aklala biɖibiɖi wu nɛ, eye wòtsɔ sikakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ. 43Ena wotsɔ eƒe tasiaɖam evelia kɔ Yosef hetsae, eye gbeƒãɖelawo le eŋgɔ le ɣli dom be: “Mide ta agu nɛ! Mide ta agu nɛ!” Ale wòtsɔ Yosef ɖo Egipte-nyigba la katã nu. 44Fiagã la gblɔ na Yosef be: “Nyee nye Egipte Fiagã; gake ne wò, mèɖe mɔ o la, ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖe afɔ alo anye abɔ le Egipte-nyigba blibo la dzi o.” 45Etsɔ Egipte ŋkɔ na Yosef be Zefnat Paneax. Etsɔ Asnat, Potifera si nye On nunɔla vinyɔnu nɛ wòɖe. Yosef yi ɖatsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.
46Yosef xɔ ƒe bla etɔ̃ esime wòdze dɔwɔwɔ gɔme na Egipte Fiagã la. Esi wòdzo le fia la ŋkume la, eyi ɖatsa le anyigba blibo la dzi. 47Azɔ la, agble me nuku ʋã le anyigba la dzi ŋutɔ ƒè adrẽ. 48Ale Yosef na woƒo ƒè adrẽ nuawo nu ƒu ɖe duawo me. Ena wodzra agble ɖe sia ɖe me tɔ ɖo ɖe du si te ɖe eŋu la me. 49Bli si woƒo ƒui la sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Wodzidzee ʋuu wòglo, ale womegadzidzee yi dzi o.
50Hafi dɔa nava to la, Asnat, Potifera si nye On nunɔla vinyɔnu la, dzi viŋutsu eve na Yosef. 51Yosef gblɔ be: “Mawu na meŋlɔ nye fukpekpewo kple nye ƒometɔwo be,” eya ta wòna ŋkɔ eƒe ŋgɔgbevia be Manase. 52Egagblɔ hã be: “Mawu na medzi viwo le anyigba si dzi mekpe fu le la dzi,” eya ta wòna ŋkɔ via evelia be Efrayim.
53Ƒè adrẽ siwo me nuku ʋã le le Egipte-nyigba dzi la va yi, 54#Dɔw 7.11. eye ƒè adrẽ siwo me dɔ to le la dze egɔme, abe ale si Yosef gblɔe ene. Dɔ to le dukɔwo katã me, gake nuɖuɖu nɔ Egipte-nyigba ya dzi. 55#Yoh 2.5. Mlɔeba dɔwuame la va Egipte-nyigba hã dzi, eye dukɔa me tɔwo bia fia la be wòana nuɖuɖu yewo. Eɖo wo ɖe Yosef gbɔ, gblɔ na wo be: “Nu sia nu si wògblɔ na mi la, miwɔe.” 56Dɔwuame la nu sẽ ɖe edzi le afi sia afi le dukɔa me. Tete Yosef ʋu nuɖuɖudzraɖoƒewo katã nu, eye wòdzra bli na Egiptetɔwo. 57Amewo tso xexeme ƒe afi sia afi va Egipte be yewoaƒle bli le Yosef gbɔ, elabe dɔwuame la nu sẽ ŋutɔ le xexe blibo la me.
Currently Selected:
Mose I 41: EB14
Tya elembo
Kabola
Copy

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.